Yeremiya 47:1-7

  • Nya ɖe Filistitɔwo ŋu (1-7)

47  Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na nyagblɔɖila Yeremiya ɖe Filistitɔwo+ ŋu hafi Farao va si Gaza. 2  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa! Tsi tso dziehe gbɔna. Azu tɔɖɔɖɔ. Aɖɔ aɖe anyigba la kple edzinuwo katã,Du la kple emenɔlawo. Amewo ado ɣli,Eye anyigba la dzi nɔla ɖe sia ɖe afa avi vevie.  3  Ne wose eƒe sɔtsuwo ƒe afɔzi,Eƒe aʋatasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔKple eƒe tasiaɖamfɔwo ƒe ɖiɖi la,Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be yewoakpe ɖe wo ŋu o,Elabena woƒe asiwo ado agblɔ,  4  Elabena ŋkeke si gbɔna la atsrɔ̃ Filistitɔwo katã;+Atsrɔ̃ Tiro+ kple Sidon+ ƒe kpeɖeŋutɔ ɖe sia ɖe si susɔ. Elabena Yehowa atsrɔ̃ Filistitɔwo,Ame siwo nye Kaftor*+ ƒukpo dzi nɔlawo ƒe ame susɔeawo.  5  Gaza ƒe ta abebe.* Wona ɖoɖoe zi le Askelon nu.+ Oo mi ame siwo susɔ ɖe woƒe bali me,Ɣekaɣie mianɔ ŋuti sim na mia ɖokui ase ɖo?+  6  Ao! Yehowa ƒe yi!+ Ɣekaɣi hafi nànɔ anyi kpoo? Trɔ yi wò aku me. Gbɔ ɖe eme, eye nànɔ anyi kpoo.  7  Aleke wɔ wòanɔ anyi kpooEsi Yehowa ɖe gbe nɛ? Be wòaho ɖe Askelon kple ƒuta ŋu,+Afi mae wòdɔe ɖo.”

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, Kreta.
Efia be, nuxaxa kple ŋukpe ana woalũ ta.