Yeremiya 40:1-16

  • Nebuzaradan ɖe asi le Yeremiya ŋu (1-6)

  • Woɖo Gedaliya anyigba la nu (7-12)

  • Woɖo nugbe ɖe Gedaliya ŋu (13-16)

40  Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremiya, esi fiaŋudzɔlawo ƒe amegã Nebuzaradan+ ɖe asi le eŋu le Rama.+ Ede kunyowu Yeremiya, kplɔe yi afi ma, eye wònɔ Yerusalem kple Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yina Babilon la dome.  Fiaŋudzɔlawo ƒe amegã ɖe Yeremiya ɖe aga gblɔ nɛ be: “Yehowa wò Mawue gblɔ vɔ̃ sia ɖe teƒe sia ŋu,  eye Yehowa na wòva eme, eye wòna wòdzɔ abe ale si wògblɔe ene, elabena miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mieɖo to eƒe gbe o. Eya tae nu sia dzɔ ɖe mia dzi ɖo.+  Azɔ meɖe kunyowuwo le alɔnu na wò egbe. Ne enyo ŋuwò be nàyi Babilon kplim la, ekema va míayi, eye makpɔ dziwò. Ke ne menyo ŋuwò be nàyi Babilon kplim o la, ekema mègayi o. Kpɔ ɖa! Anyigba blibo la le ŋkuwòme. Afi sia afi si nyo ŋuwò nèdi be yeayi la, yi faa.”+  Hafi Yeremiya natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ be: “Gbugbɔ yi Gedaliya,+ Ahikam+ vi, Safan+ vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ, eye nànɔ egbɔ le dukɔ la dome; alo afi sia afi si dze ŋuwò be yeayi la, yi faa.” Eye fiaŋudzɔlawo ƒe amegã la na nuɖuɖu kple nunanae, eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.  Ale Yeremiya va Gedaliya, Ahikam vi gbɔ le Mizpa,+ eye wònɔ egbɔ le ame siwo kpɔtɔ ɖe anyigbaa dzi la dome.  Emegbe aʋakplɔla siwo katã le gbedzi kple woƒe amewo se be Babilon-fia tsɔ Gedaliya, Ahikam vi, ɖo anyigba la nu, eye wòtsɔe ɖo ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple dukɔ la me tɔ dahewo, ame siwo womeɖe aboyoe yi Babilon o la nu.+  Eya ta woawo kple woƒe amewo va Gedaliya gbɔ le Mizpa.+ Ame siwo vae nye: Ismael,+ Netaniya vi, Karea vi siwo nye Yohanan+ kple Yonatan, Seraya, Tanhumet vi, Netofatɔ Efai ƒe viwo kple Yezaniya,*+ Maakattɔ la ƒe vi.  Eye Gedaliya, Ahikam vi, Safan vi, ka atam na wo kple woƒe amewo be: “Kaldeatɔwo subɔsubɔ megadzi ŋɔ na mi o. Minɔ anyigba la dzi, eye misubɔ Babilon-fia, ekema eme anyo na mi.+ 10  Ke nye la, manɔ Mizpa, ne manɔ mia teƒe le* Kaldeatɔ siwo ava mía gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, miƒo wain kple dzomeŋɔlikutsetsewo kpakple ami nu ƒu miatsɔ ade miaƒe nuwo me, eye minɔ miaƒe du siwo miexɔ la me.”+ 11  Eye Yudatɔ siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple esiwo le Edom kpakple ame siwo le anyigba bubuwo katã dzi la hã se be Babilon-fia susɔ ame aɖewo ɖe Yuda, eye wòtsɔ Gedaliya, Ahikam vi, Safan vi ɖo wo nu. 12  Eya ta Yudatɔwo katã trɔ gbɔ tso teƒe siwo woka hlẽ ɖo la, eye wova Yuda-nyigba dzi le Gedaliya gbɔ le Mizpa. Eye woƒo wain kple dzomeŋɔlikutsetsewo nu ƒu kpaŋkpaŋ. 13  Yohanan, Karea vi kple aʋakplɔla siwo katã le gbedzi la va Gedaliya gbɔ le Mizpa. 14  Eye wogblɔ nɛ be: “Mènyae be Amonitɔwo+ ƒe fia Baalis dɔ Ismael, Netaniya vi, ɖa be wòaɖe wò agbe* ɖa oa?”+ Ke Gedaliya, Ahikam vi mexɔ wo dzi se o. 15  Eye Yohanan, Karea vi, gblɔ na Gedaliya le adzame le Mizpa be: “Medi be mayi aɖawu Ismael, Netaniya vi, eye ame aɖeke manya o. Nu ka tae wòaɖe wò agbe* ɖa, ne Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe gbɔwò la katã naka ahlẽ, eye Yuda ƒe ame susɔeawo nu nayi?” 16  Ke Gedaliya,+ Ahikam vi, gblɔ na Yohanan, Karea vi be: “Mègawɔ nu sia o, elabena alakpa dam nèle ɖe Ismael si.”

Etenuŋɔŋlɔ

Woyɔe be “Yaazaniya” le 2Fi 25:23; Eya kee wogayɔ be “Azariya” le Yer 43:2.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “matsi tsitre ɖe.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”