Yeremiya 35:1-19
-
Toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu si Rekab viwo ɖo (1-19)
35 Yehowa ƒe gbe si va na Yeremiya le Yuda-fia Yehoyakim,+ Yosiya vi, ŋɔli lae nye esi:
2 “Yi Rekab viwo+ ƒe me, eye nàƒo nu kpli wo ahakplɔ wo ava Yehowa ƒe aƒe la ƒe nuɖuxɔawo* dometɔ ɖeka me; eye nàna wain wo woano.”
3 Ale mekplɔ Yaazaniya, Yeremiya vi, Habaziniya vi kple nɔviawo, viawo katã, kple Rekab viwo ƒe aƒe blibo la katã
4 yi Yehowa ƒe aƒe la me. Mekplɔ wo va Mawu vavã la ƒe ame Hanan, Yigdaliya vi, ƒe viwo ƒe nuɖuxɔ si le amegãwo ƒe nuɖuxɔ xa le Maaseya, Salum vi, si nye agbonudzɔla ƒe nuɖuxɔ tame la me.
5 Eye metsɔ kplu kple wainkplu siwo wain yɔ taŋ ɖo Rekab viwo ƒe aƒe la me ŋutsuwo ŋkume hegblɔ na wo be: “Mino wain.”
6 Ke woɖo eŋu be: “Míele wain no ge o, elabena mía tɔgbui Yehonadab,*+ Rekab vi, de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo kple mia viwo siaa migano wain gbeɖe o.
7 Migatu xɔ o, eye migaƒã nu o; migade waingble o, eye ɖeke meganɔ mia si o. Ke boŋ minɔ avɔgbadɔwo me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe didi le anyigba si dzi mienye amedzrowo le la dzi.’
8 Eya ta míeɖoa to mía tɔgbui Yehonadab, Rekab vi, le nu siwo katã ƒe se wòde na mí la me, ale be míawo ŋutɔwo, mía srɔ̃wo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo siaa míenoa wain gbeɖe o.
9 Míetua xɔ be míanɔ wo me o, eye waingble, agble alo nuku aɖeke mele mía si o.
10 Míenɔa avɔgbadɔwo me, eye míeɖoa to hewɔa nu siwo katã ƒe se mía tɔgbui Yehonadab* de na mí la dzi.
11 Ke esi Babilon-fia Nebukadnezar* ho ɖe anyigba la ŋu la,+ míegblɔ be: ‘Miva míayi Yerusalem ne míasi le Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ la kple Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la nu,’ esia tae míele Yerusalem ɖo.”
12 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremiya be:
13 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, ‘Yi ɖabia Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo be: Yehowa be: “Ðe womexlɔ̃ nu mi enuenu be miaɖo to nye nyawo oa? +
14 Yehonadab, Rekab vi, de se na eƒe dzidzimeviwo be woagano wain o, eye wowɔ eƒe nya dzi, eye womenoa wain o va se ɖe egbe sia, wònye toɖoɖo wo tɔgbui ƒe sedede la.+ Ke nye la, meƒo nu na mi enuenu,* gake mieɖo tom o.+
15 Eye meɖoa nye subɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi enuenu*+ gblɔna be: ‘Mitrɔ dzro, mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi,+ ne miawɔ nu si le eteƒe! Migadze mawu bubuwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo la dzi.’+ Ke mieƒu to anyi o, eye mieɖo tom o.
16 Yehonadab, Rekab vi, ƒe dzidzimeviwo wɔ wo tɔgbui ƒe se si wòde na wo la dzi,+ ke dukɔ sia ya meɖo tom o.”’”
17 “Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe vɔ̃ siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalem nɔlawo ŋu la ava wo dzi,+ elabena meƒo nu na wo, ke womeɖo tom o, eye meyɔ wo, ke wometɔ o.’”+
18 Eye Yeremiya gblɔ na Rekab viwo ƒe aƒe la be: “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Esi mieɖo to mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede la helé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ abe ale si tututu wòde se na mi ene ta la,
19 ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Yehonadab,* Rekab vi, ƒe dzidzimevi si asubɔ le ŋkunyeme la nu matso akpɔ o.”’”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “xɔawo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Yonadab,” si nye ŋkɔ Yehonadab ŋɔŋlɔ kpuie.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Yonadab,” si nye ŋkɔ Yehonadab ŋɔŋlɔ kpuie.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “mefɔna ŋdi kanya heƒoa nu na mi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “mefɔna ŋdi kanya ɖoa wo ɖa.”
^ Alo, “Yonadab,” si nye ŋkɔ Yehonadab ŋɔŋlɔ kpuie.