Yeremiya 15:1-21

  • Yehowa matrɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ o (1-9)

  • Yeremiya fa konyi (10)

  • Yehowa ƒe ŋuɖoɖo (11-14)

  • Yeremiya ƒe gbedodoɖa (15-18)

    • Ekpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nya la ɖuɖu ŋu (16)

  • Yehowa do ŋusẽ Yeremiya (19-21)

15  Eye Yehowa gblɔ nam be: “Ne Mose kple Samuel va tɔ ɖe ŋkunyeme hã la,+ nyemave dukɔ sia nu o.* Nya wo ɖa le ŋkunyeme. Na woadzo. 2  Eye ne wobia wò be, ‘Afi kae míadzo ayi?’ hã la, nàɖo eŋu na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ame si dze na dɔvɔ̃ la, neyi ɖatsi dɔvɔ̃ si me! Eye ame si dze na yi la, neyi ɖatsi yi nu!+ Ame si dze na dɔwuame la, neyi ɖatsi dɔwuame si me! Eye ame si dze na aboyo la, neyi aboyo me!”’+ 3  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Maɖo vɔ̃ ene* ƒomevi ɖe wo ŋu:+ Yi, ne wòawu ame, avuwo, ne woahe wo lelele ayii, dziƒoxewo kple anyigbadzilãwo, ne woaɖu wo ahatsrɔ̃ wo.+ 4  Mawɔ wo woazu ŋɔdzinu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã,+ le nu si Manase, Hizkiya vi, Yuda-fia wɔ le Yerusalem la ta.+  5  Oo Yerusalem, ame ka ƒe dɔmee atrɔ ɖe ŋuwò,Ame kae ase veve ɖe nuwò,Eye ame kae ava bia wò agbe ta ase?’  6  Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Wogblẽm ɖi.+ Wotrɔa megbe deam.*+ Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mahe gbegblẽ ava wo dzi.+ Nublanuikpɔkpɔ tim azɔ.  7  Matsɔ nugbɔnu* agbɔ wo le anyigba la ƒe agbowo nu. Maɖe vi ɖa le wo ŋu.+ Matsrɔ̃ nye dukɔ la,Le esi wogbe be yewomatrɔ tso yewoƒe mɔwo dzi o ta.+  8  Woƒe ahosiwo asɔ gbɔ wu ƒutake le ŋkunyeme. Makplɔ nugblẽla aƒu vidada kple ɖekakpui le ŋdɔkutsu dzatsɛ. Mahe dzimaɖitsitsi kple ŋɔdzi ava wo dzi kpoyi.  9  Nu te nyɔnu si dzi vi adre la ŋu belibeli;Gbɔgbɔtsixe tsi eƒo.* Eƒe ɣe ɖo to le keli me,Ale ŋukpe lée, eye eƒe mo tsi dãa.’ ‘Mana woƒe ame susɔeawoNatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu,’ Yehowa ye gblɔe.”+ 10  Oo danye, baba nam, be nèdzim,+Nye ame si le dzre kple avu dzi kple anyigba blibo la katã. Nyemedo nugbana o, eye ame aɖeke medo nugbana nam o;Gake wo katã wole ɖiŋu dom nam. 11  Yehowa be: “Mawɔ nyui na wò kokoko;Matso wò axɔ ne gbegblẽ ƒo ɖi,Maxɔ na wò le xaxaɣi tso futɔ la si me godoo. 12  Ðe woate ŋu aŋe gayibɔ,Gayibɔ si tso dziehe, kple akɔbli kakɛkakɛa? 13  Mana woaha wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo femaxee+ Le nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ta. 14  Matsɔ wo ana wò futɔwoNe woalɔ wo ayi anyigba si mènya o la dzi.+ Elabena nye dziku fla abe dzo ene,Eye mia ŋue wòle bibim ɖo.”+ 15  Ènyae, Oo Yehowa,Ðo ŋku dzinye, trɔ ɖe ŋunye,Eye nàbia hlɔ̃ yonyemetilawo nam.+ Mègana nunye nayi* le wò dzigbɔgbɔ blewu ta o. Ðo ŋui be tawòe ŋukpe sia le dzinye ɖo.+ 16  Esi wò nyawo ka asinye la, meɖu wo;+Eye wò nya la na nye dzi kpɔ dzidzɔ hetso aseye,Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa. 17  Nyemebɔbɔ nɔ dzidzɔkpɔlawo ƒe ha me le aseye tsom o.+ Nye ɖeka mebɔbɔ nɔ aga le wò alɔ ta,Elabena ètsɔ dziku yɔ menye fũu.*+ 18  Nu ka tae nye vevesese li ɖaa, eye nye abi gbe kuku? Woda gbe le eŋu do kpoe. Ðe nànɔ nam abe tɔʋu si blea ameSi ŋu womate ŋu aɖo ŋu ɖo o enea? 19  Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ètrɔ ɖe ŋunye la, magaɖo wò te,Àsubɔ le ŋkunyeme. Eye ne èɖe nu xɔasi ɖe aga tso nu maɖinuwo gbɔ la,Ekema àzu nye nù.* Woatrɔ ɖe ŋuwò,Ke wò ya màtrɔ ɖe wo ŋu o.” 20  “Mawɔ wò nànye akɔbligli sesẽ na dukɔ sia.+ Woawɔ avu kpli wò,Gake womanɔ te ɖe nuwò o.*+Elabena meli kpli wò, be maxɔ na wò, eye maɖe wò,” Yehowa ye gblɔe. 21  “Maɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo si me,Eye maxɔ wò le ŋutasẽlawo si me.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nye luʋɔ matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o.”
Agate ŋu afia, “ʋɔnudɔdrɔ̃ ene.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒome ene.”
Agate ŋu afia, “Wozɔna megbemegbee.”
Alo, “gaflo si wotsɔna gbɔa nukuwo.”
Alo, “eƒe luʋɔ ƒo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mègaɖem ɖa.”
Alo, “ètsɔ fɔbugbedeasi yɔ menye fũu.”
Alo, “àzu nye nyanuɖela.”
Alo, “womaɖu dziwò o.”