Mika 7:1-20
7 Baba nam! Elabena mele abeAle si wònɔna ne woxa dzomeŋɔlikutsetsewoEye wofɔ waintsetse siwo woxa la ƒe susɔewo vɔ ene,Waintsetse aɖeke meli woaɖu o,Eye gbotsetse ŋgɔgbea si dzroam* aɖeke meli o!
2 Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba la dzi;Ame dzɔdzɔe aɖeke mele amegbetɔwo dome o.+
Wo katã wode xa ɖi ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.+
Ame sia ame ɖo ɖɔ na nɔvia.
3 Woƒe asi bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me;+Amegã dia viɖe,Ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔnu ɖe fetu ta,+Ame ŋkuta gblɔa nu si dzronɛ,*+Eye wosɔa nu wɔnɛ.
4 Ame nyuitɔ si le wo dome le abe ŋù ene,Woƒe nuteƒewɔla kekeake gɔ̃ hã vɔ̃ɖi wu ŋùkpɔ.
Wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke, si nye wò akɔntanagbe ava.+
Ekema amewo atɔtɔ keŋ.+
5 Migaxɔ miaƒe zɔhɛ dzi se o.Alo aɖo ŋu ɖe mia xɔlɔ̃ vevi ŋu o.+
Nya nuƒoƒo le ame si le wò akɔnu la gbɔ.
6 Elabena viŋutsu doa vlo fofoa,Vinyɔnu tsona ɖe dadaa ŋu,+Lɔ̃xoyɔvi tsona ɖe lɔ̃xoa ŋu;+Ame ƒe futɔwo nye eƒe aƒemetɔwo.+
7 Ke nye la, manɔ ŋu tsam na Yehowa.+
Manɔ Mawu, nye xɔnametɔ la, sinu kpɔm.*+
Nye Mawu aɖo tom.+
8 Oo nye futɔ,* mèganɔ dzidzɔ kpɔm le tanye o.
Togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ;Togbɔ be mele viviti me hã la, Yehowa anye kekeli nam.
9 Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu,+Eya ta mado dzi atsɔ eƒe dziku,Va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso afia dzɔdzɔe nam.
Akplɔm ado ɖe kekeli nu;Makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.
10 Nye futɔ hã akpɔe,Eye ŋu akpe ame si gblɔ nam be:
“Afi kae Yehowa wò Mawu la le?”+
Nye ŋkuwo akpɔ nyɔnu la.
Azɔ woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.
11 Anye ŋkeke si woaɖo wò gliwo,Gbe ma gbe la, woakeke wò liƒowo ɖe enu.*
12 Amewo atso keke Asiria kple Egipte duwo meAva gbɔwò gbe ma gbe,Tso Egipte va se ɖe keke Tɔsisi* la nu;Tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso to ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ.+
13 Anyigba la aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ta,Le woƒe nuwɔnawo me tsonuwo ta.
14 Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, alẽha si nye wò domenyinu+Si le eɖokui si le ave me, le atikutsetsebɔ me.
Na woaɖu gbe le Basan kple Gilead+ abe le blemaŋkekewo me ene.
15 “Mana wòakpɔ nukunuwo+Abe le ŋkeke siwo me nèʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.
16 Dukɔwo akpɔ nu siawo, eye ŋu akpe wo, togbɔ be ŋusẽ geɖe le wo ŋu hã.+
Woatsɔ asi aɖo nu;Eye woƒe to aku.
17 Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo ene;+Ŋɔdzi alé wo woasi ado tso woƒe bebeƒewo abe nu gbagbe siwo tana le anyigba dzi ene.
Woanɔ ƒoƒom kpakpakpa ava Yehowa mía Mawu la gbɔ,Eye woavɔ̃ wò.”+
18 Mawu kae le abe wò ene,Wò ame si tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlɛa ƒe dzidada ŋu o?+
Malé dɔmedzoe ɖi ɖikaa o,Elabena amenuveve nyoa eŋu.+
19 Agakpɔ nublanui na mí;+ axɔ ŋusẽ le míaƒe vodadawo si.*
Àtsɔ woƒe nu vɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe.+
20 Àwɔ nuteƒe na Yakob,Eye àve Abraham nu,Abe ale si nèka atam na mía tɔgbuiwo tso blemaŋkekewo me ene.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “dzroa nye luʋɔ.”
^ Alo, “dzroa eƒe luʋɔ.”
^ Alo, “lalam dzigbɔɖitɔe.”
^ Hebrigbe me nya si wozã na “nye futɔ” la fia nyɔnu.
^ Agate ŋu afia, “woate se si wode la ayi adzɔge ke.”
^ Efia, Frat-tɔsisi.
^ Alo, “atiti afɔ ɖe míaƒe vodadawo dzi; akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe vodadawo dzi.”