Mika 3:1-12
3 Megblɔ be: “Mi Yakob ƒe tatɔwo,Kple mi Israel ƒe aƒe ƒe kplɔlawo, meɖe kuku, misee.+
Menye miawoe wòle be mianya nu si le dzɔdzɔe oa?
2 Ke mieléa fu nyui,+ eye mielɔ̃a vɔ̃;+Mievuvua ayi le amewo ŋuti, eye miefloa lã le woƒe ƒuwo ŋu.+
3 Mieɖua nye dukɔ ƒe lã hã,+Mievuvua ayi le wo ŋuti,Miegbãa woƒe ƒuwo nyanyanya,+Abe nu si woɖa le ze* me ene, abe lãkɔ le nuɖaze me ene.
4 Ɣemaɣi la, woayɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo,Gake matɔ na wo o.
Aɣla mo ɖe wo ɣemaɣi+Le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.+
5 Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖila siwo kplɔa nye dukɔ tranae,+Ame siwo ne woɖo aɖu nane dzi la,*+ woɖea gbeƒã ‘Ŋutifafa!’+Ke ne ame aɖe mede naneke nu me na wo o la, ekema wohoa aʋa ɖe eŋu lae nye esi:
6 ‘Zã gbɔna dodo ge na mi,+ ale be miagakpɔ ŋutega aɖeke o;+Viviti le dodo ge na mi, ale be miaka afa o.
Ɣe aɖo to ɖe nyagblɔɖilawo,Eye ŋkeke ado viviti ɖe wo.+
7 Ŋukpe alé ŋutegakpɔlawo,+Eye nukalawo ƒe mo atsi dãa.
Wo katã woatsyɔ nu woƒe nutage dzi,*Elabena ŋuɖoɖo aɖeke metso Mawu gbɔ o.’”
8 Ke nye ya la, le Yehowa ƒe gbɔgbɔ ta, ŋusẽ,Nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple ŋutete yɔ menye taŋ,Ne magblɔ Yakob ƒe aglãdzedze nɛ, eye maʋu go Israel ƒe nu vɔ̃ nɛ.
9 Mi Yakob ƒe aƒe la ƒe tatɔwoKple mi Israel ƒe aƒe la ƒe kplɔlawo, meɖe kuku, misee,+Mi ame siwo tsri nya dzɔdzɔe, eye mieglɔ̃ nu siwo katã dzɔ,+
10 Mi ame siwo tsɔ ʋukɔkɔɖi tsò Zion hetsɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tsò Yerusalem.+
11 Eƒe kplɔlawo* drɔ̃a ʋɔnu le zãnuxɔxɔ ta,+Eƒe nunɔlawo fiaa nu le fetu ta,+Eye eƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi le ga* ta.+
Evɔ woziɔna ɖe Yehowa ŋu* nɔa gbɔgblɔm be:
“Ðe Yehowa mele mía dome oa?+
Vɔ̃ aɖeke mava mía dzi o.”+
12 Eya ta le miaƒe nuwɔnawo taWoaŋlɔ Zion abe agble ene,Yerusalem azu glikpo,+Eye gbedoxɔ la ƒe to azu togbɛ toave.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “nuɖaze si ƒe nu keke.”
^ Agate ŋu afia, “ne wokpɔ nane le ɖuɖum la.”
^ Alo, “woatsyɔ asi nu.”
^ Alo, “woawo ŋutɔwo be yewoziɔ ɖe Yehowa ŋu.”
^ Alo, “klosalo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “tatɔwo.”