Mika 2:1-13

  • Baba na ameteɖeanyilawo! (1-11)

  • Israel nu ƒoƒoƒu le ɖekawɔwɔ me (12, 13)

    • Amewo ƒe hoowɔwɔ axɔ anyigba la dzi (12)

2  “Baba na ame siwo ɖoa nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ta me,Ame siwo bua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ,Elabena ŋusẽ le wo si.+   Agble dzroa wo, eye woxɔnɛ sesẽe;+Ne aƒee dzro wo la, woxɔa eya hã;Wotafaa ŋutsu xɔa eƒe aƒe,+Eye wobaa ame xɔa eƒe domenyinu.   Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, meɖoe be mahe gbegblẽ ava ƒome sia dzi,+ eye miate ŋu asi le enu o.*+ Miaganɔ zɔzɔm glodzoeglodzoe o;+ elabena ɣeyiɣi vɔ̃ wònye.+   Gbe ma gbe la, amewo ado lo ɖe mia ŋu,Eye woafa konyi vevie ɖe mia ŋu.+ Woagblɔ be: “Wogblẽ mía dome keŋkeŋ!+ Ena nye dukɔ ƒe gome yi ame bubu si me—kpɔ ale si wòxɔe le asinyee ɖa!+ Ema míaƒe agblewo na ame mawɔnuteƒewo.”   Eya ta ame aɖeke manɔ asiwò ada dzidzekaAma anyigba la le Yehowa ƒe ha la dome o.   Wole gbɔgblɔm be, “Midzudzɔ gbeƒãɖeɖe!Mele be woaɖe gbeƒã nya siawo o;Womado vlo mí o!”   Oo Yakob ƒe aƒe, gbɔgblɔmee wole be: “Ðe Yehowa ƒe gbɔgbɔ megagbɔa dzi ɖi oa? Alo nenemae wòwɔa nuia?” Ðe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo ƒe mɔwo le dzɔdzɔe oa?   Azɔ nye ŋutɔ nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe futɔ ene. Mieɖe atsyɔ̃ɖonu xɔasiwo kple awuwo siaa*Le ame siwo tso eme va yina dziɖeɖitɔe la ŋu, abe ame siwo gbɔ tso aʋa ene.   Mienya nye dukɔ la ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe aƒe siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me.Mieɖe nye atsyɔ̃ ɖa le viawo ŋu tegbee. 10  Mitso miadzo, elabena menye gbɔɖemeƒee nye afi sia o. Esi wòzu du makɔmakɔ ta la,+ woagbãe, woagbãe eteƒe makɔ o.+ 11  Ne ame si kplɔ ya kple alakpadada ɖo hekaa aʋatso la gblɔ be, “Magblɔ nya ɖi ku ɖe wain kple aha muame ŋu” la, Ekema eyae anye dukɔ sia ƒe nyagblɔɖila!+ 12  Oo Yakob, maƒo mi katã mia nu ƒu;Maƒo Israel ƒe ame susɔeawo nu ƒu godoo.+ Mana woanɔ anyi ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene,Abe lãha le lãnyiƒe ene;+Eye amewo ƒe hoowɔwɔ axɔ afi ma keŋ.’+ 13  Gligbãla adze wo ŋgɔ;Woalɔ hoo ato agbo la nu ado go.+ Woƒe fia adze wo ŋgɔ,Eye Yehowa adze wo ŋgɔ.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “miate ŋu aɖe ta le eme o.”
Agate ŋu afia, “Mieɖe atsyɔ̃ɖonu xɔasiwo le awuwo ŋu.”