Hosea 10:1-15

  • Woatsrɔ̃ Israel, wainka si le gbegblẽm la (1-15)

    • Nuƒaƒã kple nuŋeŋe (12, 13)

10  “Wainka si le gbegblẽm* ye Israel nye, etsea ku.+ Ale si eƒe tsetsewo dzi ɖe edzii la, nenemae wòna eƒe vɔsamlekpuiwo sɔa gbɔ ɖe edzii;+Ale si eƒe anyigba wɔ nui la, nenemae wòɖi sɔti dzeani geɖewoe.+   Alakpadzi ye le wo si;Azɔ woabu fɔ wo. Ame aɖe agbã woƒe vɔsamlekpuiwo eye wòagblẽ woƒe sɔtiwo.   Azɔ woagblɔ be, ‘Fia aɖeke mele mía si o,+ elabena míegbe Yehowa vɔvɔ̃. Nu ka gɔ̃e fia awɔ na mí?’   Wogblɔa nya gbɔlowo, kaa atam dzodzro+ heblaa nu kple wo nɔewo;Eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ mie abe aɖigbe ene le agble me.+   Ŋɔdzi alé Samaria nɔlawo le Bet-Aven+ ƒe nyivilegba la ta. Esubɔlawo axa nuEye eƒe dutamawuwo ƒe trɔ̃nuawo, ame siwo kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu tsã le eƒe ŋutikɔkɔe ta la hã axa nu,Elabena woatsɔe adzoe le wo gbɔ ayi aboyo me.   Woatsɔe ayi Asiria wòanye nunana na fia gã aɖe.+ Woado ŋukpe Efrayim,Eye ŋu akpe Israel le aɖaŋuɖoɖo si dzi wòzɔ ɖo la ta.+   Woatsrɔ̃ Samaria kple eƒe fia,*+Abe ale si woɖea atilɔ le tsi ŋgɔ ene.   Woakaka Bet-Aven+ ƒe nuxeƒe siwo kplɔ Israel+ de nu vɔ̃ me la keŋkeŋ.+ Ŋù kple aŋɔka amie ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi.+ Amewo agblɔ na towo be, ‘Mitsyɔ mía dzi!’ Eye na togbɛwo be, ‘Mimu dze mía dzi!’+   Oo Israel, èwɔ nu vɔ̃+ tso Gibea ŋɔli ke. Ègale edzi ko. Womeɖu ame madzɔmadzɔwo dzi le aʋa me le Gibea keŋkeŋ o. 10  Ne melɔ̃ la, mahe to na wo. Dukɔwo aƒo ƒu atso ɖe wo ŋu,Ne wodro woƒe vodada eveawo ɖe wo dzi.* 11  Efrayim nye nyinɔe si womla, eye nukuƒoƒo vivia enu,Eya ta nyemeɖe fu na eƒe kɔ dzeani la o. Azɔ mana ame aɖe nado* Efrayim.+ Yuda aŋlɔ anyigba; Yakob adzoboe nɛ. 12  Miƒã dzɔdzɔenyenyekuwo na mia ɖokuiwo, eye miŋe lɔlɔ̃ si nu metsina o. Mide agble ɖe anyigba wɔnu dzi na mia ɖokuiwo,+Esi ɣeyiɣi kpɔtɔ li be miadi Yehowa,+Va se ɖe esime wòava fia nu mi le dzɔdzɔenyenye me.+ 13  Ke hã, miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble,Mieŋe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ,+Eye mieɖu beblekutsetse;Elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu,Ðe miaƒe aʋawɔla gbogboawo ŋu. 14  Hoowɔwɔ le ɖiɖim ɖe wò dukɔ la ŋu,Woagbã wò du sesẽwo katã,+Abe ale si Salman gbã Bet-ArbelLe aʋakpegbe, esime woxlã vidada kple viawo ɖe nu ene. 15  Oo Betel,+ alea kee woawɔ mi, le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si gbɔ eme la ta. Woatsrɔ̃ Israel-fia* godoo le agudzeɣi.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “si vu dranyii.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Woana ɖoɖoe nazi le Samaria kple eƒe fia nu.”
Efia, Ne wotsɔ woƒe tohehe la abe kɔkuti ene.
Alo, “Made kɔkuti kɔ na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Woana ɖoɖoe nazi le Israel-fia nu.”