Hiob 5:1-27

  • Elifaz yi eƒe nuƒo gbãtɔa dzi (1-27)

    • ‘Mawu léa nunyalawo le woƒe ayedzedze me’ (13)

    • ‘Hiob, mègagbe Mawu ƒe amehehe o’ (17)

5  “Meɖe kuku, yɔ ame kpɔ be ɖe ame aɖe atɔ na wò hã? Kɔkɔetɔawo dometɔ ka ŋue nàtrɔ ɖo?   Elabena dzikuléle ɖi awu bometsila,Eye ŋubiabiã awu numanyala.   Nye la, mekpɔ bometsila wòdo ke,Kasia woƒo fi de eƒe aƒe.   Dedienɔnɔ le adzɔge le viawo gbɔ o,Wofanya wo le dugbo+ la nu, eye xɔnametɔ aɖeke meli na wo o.   Dɔwuitɔwo ɖua eƒe nuku si wòxa,Woɖea esi tsi ŋùwo me gɔ̃ hã,Eye mɔ̃ ɖea woƒe nunɔamesiwo.   Elabena menye ke mee vɔ̃ miena tso o,Eye menye anyigba tumee xaxa dona tso o.   Elabena wodzia amegbetɔ be wòakpe hiã,Abe ale si dzoxi dzona yia dzi godoo ene.   Ne nyee wònye la, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu,Anye ne matsɔ nye nya ade asi na Mawu,   Ame si wɔa nu gã siwo me dzodzro meli o,Nu wɔnuku siwo mele xexlẽ me o. 10  Enaa tsi dzana ɖe anyigba dzi,Eye wòdea tsi gbewo. 11  Edoa ame tsɛwo ɖe dzi,Eye wòxɔna na blanuilélawo hekɔa wo ɖe dzi. 12  Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me,Ale be woƒe asinudɔwo medzea edzi o. 13  Eléa nunyalawo le woawo ŋutɔwo ƒe ayedzedze me,+Ale be ame drãwo ƒe ɖoɖowo me gblẽna. 14  Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me,Eye wonɔa asi tsam le ɣeɖota abe zã mee ene. 15  Eɖea wɔnamanɔŋutɔwo tso yi, si le woƒe nu me la nu,Eye wòɖea ame dahe tso ame sesẽ si me, 16  Ale be mɔkpɔkpɔ va sua ame tsɛ la si,Ke ɖoɖoe zina le ame madzɔmadzɔwo ya nu. 17  Kpɔ ɖa! Dzidzɔtɔe nye ame si Mawu kaa mo na;Eya ta mègagbe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o! 18  Elabena enaa ame sea veve, gake eblaa abi la;Egbãa ame, gake eƒe asi daa gbe le eŋu. 19  Aɖe wò tso xaxa ade me,Eye le adrelia me hã, nu vevi aɖeke mawɔ wò o. 20  Aɖe wò tso ku si me le dɔŋɔli,Eye wòaɖe wò tso yi si me le aʋaŋɔli. 21  Aɣla wò tso aɖeɖiƒoame me,+Eye ne gbegblẽ va la, màvɔ̃ o. 22  Àko gbegblẽ kple dɔwuame,Eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o. 23  Elabena agblemekpewo mawɔ nu vevi wò o,*Eye gbemelãwo hã anɔ ŋutifafa me kpli wò. 24  Ekema ànya be yeƒe agbadɔ le dedie*Eye ne ètsa le wò lãnyiƒe godoo la, naneke mabú na wò o. 25  Viwo anɔ asiwò kpaŋkpaŋ,Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe gbe le anyigba dzi ene. 26  Àkpɔtɔ anɔ ŋusẽ me va se ɖe esime nàyi yɔ me,Abe nuku bablawo le wo xaɣi ene. 27  Kpɔ ɖa! Nu sia mee míedzro, eye aleae wòle hã. Eya ta see, ne nàwɔ edzi.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “abla nu kpli wò.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yeƒe agbadɔ nye ŋutifafa.”