Hiob 39:1-30
39 “Ðe nènya ɣeyiɣi si agamegbɔ̃ dzia via?+
Èkpɔ zinɔ ƒe vidzidzi teƒe kpɔa?+
2 Ðe nèxlẽa ɣleti siwo fu nɔa wo ƒoa?
Alo ɖe nènya ɣeyiɣi si tututu wodzia via?
3 Wobɔbɔna dzia vi,Eye woƒe kuléle nu tsona.
4 Ŋusẽ ɖoa wo viwo ŋu, eye wotsina le gbe me;Wodzona, eye womegagbɔna vaa wo gbɔ o.
5 Ame kae na ablɔɖe gbetedzi,+Eye ame kae tu kae?
6 Metsɔ gbegbe wɔ aƒe nɛEye dzenyigbae nye enɔƒe.
7 Hoowɔwɔ si ɖina le du me la ɖia kokoe nɛ;Mesea lãkplɔla ƒe ɣlidodo o.
8 Etsana dia gbeɖuƒe le togbɛwo dziEye wòdia gbe mumu ɖe sia ɖe yome mɔ.
9 Ðe gbenyi alɔ̃ asubɔ wòa?+
Alo ɖe wòatsi wò lãkpo me* adɔa?
10 Ðe nàte ŋu ade ka gbenyi be wòaŋlɔ agble,Alo ana wòagudu bali me le yowòmea?
11 Ðe nàɖo ŋu ɖe eƒe ŋusẽ geɖe la ŋuAhatsɔ wò dɔ gãwo agblẽ ɖe esi mea?
12 Ðe nàɖo ŋu ɖe eŋu wòatsɔ wò agblemenukuwo agbɔe na wòAhaƒo enu ƒu ɖe wò nukuƒoƒea?
13 Golo* ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe,Evɔ ɖe woate ŋu atsɔ eƒe aʋala kple eƒe fu asɔ kple damixe tɔa?+
14 Elabena egblẽa eƒe azi ɖe anyigba,Eye wònana ke dea dzo wo me.
15 Eŋlɔna be be woate ŋu aɖo afɔ wo dzi woagbã,Alo be gbemelã aɖe ate ŋu azɔ wo dzi.
16 Ewɔa ŋlɔmi le viawo ŋu, abe menye etɔwoe wonye o ene;+Mevɔ̃na be yeƒe agbagbadzedze azu dzodzro o.
17 Elabena Mawu na nunya bɔe*Eye mena gɔmesese aɖekee o.
18 Gake ne etso, ƒo aʋala la,Sɔ kple edola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.
19 Wòe na ŋusẽ sɔa?+
Wòe ɖo kɔdza kɔ ŋu nɛa?
20 Àte ŋu ana wòati kpo abe ʋetsuvi enea?
Eƒe ŋɔtimetudada dzia ŋɔ.+
21 Etsɔa afɔ kaa anyigba le bali me, eye wòtia kpo kple ŋusẽ;+Elũna ɖe aʋa me.*+
22 Ŋɔdzi ɖia kokoe nɛ, eye mevɔ̃a naneke o.+
Megbugbɔna ɖe megbe le yi nu o.
23 Aŋutrɔ ŋkɔ le ɖiɖim le eƒe axadzi;Nenema kee nye akplɔ kple akplɔvi siwo le dzo dam la hã.
24 Etia kpo kple dzidzɔ helɔnɛ ɖe eme,*Eye megatea ŋu lalana* ne aʋakpẽ ɖi o.
25 Ne aʋakpẽ nya ɖi ko la, egblɔna be, ‘Eɖo dzi vɔ!’
Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ tso adzɔge ʋĩiEsea aʋafiawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.+
26 Wò nunya nue xe ƒonu dzona yia dzi ʋĩi,Eye wòkea eƒe aʋalawo ɖoa ta anyiehea?
27 Alo wò gbeɖeɖe nue hɔ̃ dzona yia dzi+Hewɔa atɔ ɖe kɔkɔƒea?+
28 Eye wò gbeɖeɖe nue wònɔa agakpe dzi hetsia afi ma dɔna,Eye wòtsɔa agakpe tsakliwo tome* wɔa eƒe bebeƒea?
29 Afi ma wòtsona dia nuɖuɖu;+Eƒe ŋkuwo kpɔa nu le didiƒe ʋĩi ke.
30 Viawo noa ʋu;Eye afi si ame tsiaʋawo le la, afi mae wònɔna.”+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “wò lãnuɖunu gbɔ.”
^ Alo, “Tsatsaboli.”
^ Alo, “na nunya bu ɖee.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eyina ɖakpea aʋawɔnuwo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “hemia anyigba la.”
^ Agate ŋu afia, “Eye mexɔnɛ sena.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “agakpe ƒe tsutsuẽƒe.”