Hiob 34:1-37
34 Eye Elihu gblɔ yi edzi be:
2 “Mi nunyalawo, mise nye nyawo;Eye mi nu geɖe nyalawo, miƒu to anyi ɖe ŋunye.
3 Elabena to doa nya kpɔnaAbe ale si aɖe* ɖɔa nu kpɔna ene.
4 Mina míada nya dzɔdzɔe akpɔ;Mina míatso nya me le mía dome le nu si nyo la ŋu.
5 Elabena Hiob gblɔ be, ‘Tɔnye dzɔ,+Ke Mawu gbe afiatsotso nam.+
6 Aʋatso kam mele esi mebe woatso afia dzɔdzɔe nama?
Gbedada mele nye abi la ŋu o, evɔ wònye nyemedze agɔ aɖeke o hafi.’+
7 Ame kae gale abe Hiob ene,Si noa alɔmeɖeɖe abe tsi ene?
8 Ele nu vlo wɔlawo domeEdea ha kple ame vɔ̃ɖiwo.+
9 Elabena egblɔ be, ‘Meɖea vi aɖeke na amegbetɔNe edze agbagba be yeadze Mawu ŋu o.’+
10 Eya ta mi ŋutsu nugɔmeselawo,* miɖo tom:
Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o,+Eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!+
11 Elabena eɖoa eteƒe na ame ɖe eƒe nuwɔwɔ nu+Eye wòhea ame ƒe nuwɔnawo me tsonu vaa edzi.
12 Nyateƒe matrɔmatrɔe wònye be, Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o;+Eye Ŋusẽkatãtɔ la mebaɖaa afɔ na nya dzɔdzɔe o.+
13 Ame kae tsɔ anyigbaa de asi nɛ,Eye ame kae ɖoe xexe blibo la* nu?
14 Ne etsɔ eƒe ŋku* ɖo wo ŋu,Ne egbugbɔ ƒo woƒe gbɔgbɔ kple agbegbɔgbɔ nu ƒu ɖe eɖokui gbɔ la,+
15 Amegbetɔwo* katã atsrɔ̃,Eye amegbetɔ agatrɔ azu anyi.+
16 Eya ta ne gɔmesese le asiwò la, ekema se nya sia;Lé to ɖe nye nyawo ŋu nyuie.
17 Ðe ame si lé fu nya dzɔdzɔe ate ŋu aɖu dzia?Alo ɖe nàbu fɔ ŋusẽtɔ si nye nu dzɔdzɔe wɔla?
18 Ðe nàte ŋu agblɔ na fia be, ‘Yakame nènyea,’
Alo na bubumewo be, ‘Ame vɔ̃ɖiwo mienyea’?+
19 Ke Ame aɖe li si medea amegãwo dzi oEye melɔ̃a kesinɔtɔ ƒe nya wu ame dahe o,*+Elabena eƒe asinudɔwɔwɔe wo katã wonye.+
20 Wotea ŋu kuna kpata+ le zãtiƒe;+Woƒona tititi, eye womiaa nu;Woɖea ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã ɖa, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o.+
21 Elabena Mawu ƒe ŋku le amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu,+Eye wòkpɔa eƒe afɔɖeɖewo katã.
22 Viviti alo blukɔ aɖeke meli,Si me nu vlo wɔlawo abe ɖo o.+
23 Elabena Mawu meɖoa ɣeyiɣi ɖi na ame aɖeke,Be wòava ʋɔnu le ye ŋkume o.
24 Egbãa ŋusẽtɔwo gudugudu esi mehiã be wòaku nya gɔme hafi oEye wònana ame bubuwo xɔna ɖe wo teƒe.+
25 Elabena enya nu siwo wɔm wole;+Etua asi wo ƒua anyi le zã me, eye wogbãna gudugudu.+
26 Eƒoa wo le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi ta,Le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le,+
27 Elabena wotrɔ le eyome+Eye womegatsɔ ɖeke le eƒe mɔ aɖeke me o;+
28 Wona ame dahewo do ɣli nɛ,Ale be wòse wɔnamanɔŋutɔwo ƒe ɣlidodo.+
29 Ne Mawu zi ɖoɖoe la, ame kae ate ŋu abu fɔe?
Ne eɣla eƒe mo la, ame kae ate ŋu akpɔe?
Eɖaɣlae ɖe dukɔ loo alo ɖe amegbetɔ o, nya ɖeka ma ke koe,
30 Ne mawumavɔ̃la* nagaɖu dzi+Alo be wòatre mɔ̃wo na dukɔ la o.
31 Elabena ɖe ame aɖe agblɔ na Mawu be,‘Wohe to nam, evɔ nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke hafi o;+
32 Ðe nu si kpɔm nyemele o la fiam;Eye ne nu gbegblẽ aɖee mewɔ la, ekema nyemagawɔe azɔ oa’?
33 Ðe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu esi nègbe eƒe afiatsotsoa?
Wòe atso nya me, menye nyee o.
Azɔ gblɔ nu si nènya nyuie la nam.
34 Ŋutsu nugɔmeselawo*—Ŋutsu siwo si gɔmesese le siwo le to ɖomem la agblɔ be,
35 ‘Hiob menya nya si gblɔm wòle o,+Eye gɔmesese mele eƒe nyawo me o.’
36 Ne ɖe woado Hiob akpɔ* wòade edeƒe,Le esi wòle nya ŋu ɖom abe ame vɔ̃ɖiwo ene ta ɖe!
37 Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti;+Esi akpe fewuɖutɔe le mía ŋkume,Eye wògblɔ nyawo fũu ɖe Mawu vavã la ŋu!”+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “aŋɔme.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “mi ame siwo si dzi nyanu le.”
^ Alo, “anyigbadzinɔlawo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe dzi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ŋutilãwo.”
^ Alo, “melɔ̃a bubume wu ame tsɛ o.”
^ Alo, “xɔsegbela.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo si dzi nyanu le.”
^ Agate ŋu afia, “Fofonye, na woado Hiob akpɔ.”