Hiob 32:1-22

  • Ðekakpui Elihu de nu nyaa me (1-22)

    • Edo dziku ɖe Hiob kple exɔlɔ̃wo ŋu (2, 3)

    • Elala bubutɔe hafi ƒo nu (6, 7)

    • Nunya mele tsitsi ɖeɖe ko me o (9)

    • Elihu di vevie be yeaƒo nu (18-20)

32  Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena Hiob ka ɖe eɖokui dzi be yele dzɔdzɔe.*+  Ke dzi ku Elihu, Buzitɔ+ Barakel vi, si tso Ram ƒomea me la vevie. Edo dziku ɖe Hiob ŋu vevie be ebu eɖokui* dzɔdzɔetɔe wu Mawu.+  Edo dziku ɖe Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu vevie le esi womekpɔ ŋuɖoɖo gbagbe aɖeke o, ke boŋ wobu fɔ Mawu ta.+  Nyawo nɔ Elihu si gake elala be Hiob nawu eƒe nyawo nu, elabena wo katã wonye xoxo nɛ.+  Esi Elihu kpɔe be ŋuɖoɖo aɖeke mele ŋutsu etɔ̃awo si o la, dzi kui vevie.  Eye Elihu, Buzitɔ Barakel vi, ƒo nu hegblɔ be: “Nye ya ɖevi ko menye,Ke miawo la ame tsitsiwoe mienye.+ Esia tae melé ɖokuinye kpoo,+Eye mevɔ̃ be maɖe nu si menya la agblɔ na mi.   Megblɔ be, ‘Tsitsi* neƒo nu,Eye ƒe geɖe neɖe nunya fia.’   Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ si le amegbetɔ me,Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔ, ye naa gɔmesese.+   Menye tsitsi* koe wɔa ame nunyala o,Eye menye tsitsiawo koe nya nu si le eteƒe o.+ 10  Eya ta mebe, ‘Miɖo tom,Ne nye hã maɖe nu si menya la agblɔ na mi. 11  Kpɔ ɖa! Melala mieƒo nu;Meɖo to se miaƒe susuwo,+Le ɣeyiɣi siwo katã me mienɔ nya si miagblɔ la dim.+ 12  Nye to nɔ mia ŋu,Ke mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖee fia Hiob be edze agɔ,*Alo ɖo eƒe nyawo ŋu nɛ o. 13  Eya ta migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋu;Mawue kpe edzi, menye amegbetɔ aɖekee o.’ 14  Esi wònye be medo nya aɖeke ɖe gbɔnye o ta la,Nyemafɔ nya le miaƒe nyawo me atsɔ aɖo eŋu nɛ o. 15  Wotsi yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o;Gbɔgblɔ bu ɖe wo. 16  Melala, ke womegale nu ƒom o;Ðeko wotɔ ɖi, womegale nya aɖeke gblɔm o. 17  Eya ta nye hã magblɔ tɔnye sinua;Nye hã magblɔ nu si menya, 18  Elabena nyawo le asinye fũu;Gbɔgbɔ si le menye ye le eƒom ɖe nunye. 19  Nye dɔ me le abe wain si nu wotu nu ɖo ene,Abe lãgbalẽgolo yeye si di be yeawó ene.+ 20  Mina maƒo nu, ne mavo! Make nye nuyiwo aɖo nya ŋu. 21  Nyemade ame aɖeke dzi o;+Alo aɖɔ kesekuku na ame aɖeke o,* 22  Elabena nyemenya ale si woɖɔa kesekuku na amee o;Anye ne nye Wɔla aɖem ɖa kaba.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume.”
Alo, “eƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ŋkekewo.”
Alo, “ŋkeke geɖe.”
Alo, “mete ŋu ka mo na Hiob o.”
Alo, “ada ŋkɔ ɖe ame dzi o.”