Hiob 30:1-31

  • Hiob gblɔ ale si eƒe nɔnɔmea va trɔe (1-31)

    • Ame maɖinuwo le ekom (1-15)

    • Edze abe Mawu mekpe ɖe eŋu o ene (20, 21)

    • “Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi” (30)

30  “Ke azɔ la, wole koyem+Wo, ame siwo menye xoxo na,Ame siwo fofowo nyemalɔ̃ beWoanɔ nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã ŋu hafi o.  2  Vi kae woƒe alɔkpa sesẽ la ɖe nam? Woƒe ŋusẽ vɔ.  3  Hiã kple dɔwuame na ŋusẽ vɔ le wo ŋu;Wokukoa kuɖiɖinyigbaAfi si zu aƒedo kple gbegbe.  4  Wodaa dzegbe le avekɔewo me;Eye ati dodoewo* ƒe kee nye woƒe nuɖuɖu.  5  Wonyaa wo ɖa le ame dome;+Amewo doa ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo ene.  6  Wova nɔa baliwo,Dowo kple agadowo me.  7  Wodoa ɣli le avekɔewo me;Wotigi wo ɖokuiwo ɖe dzawo te.  8  Movitɔ kple yakame ƒe viwoe wonye,Wonya wo* ɖa le anyigba la dzi.  9  Azɔ la, wodoa vlom le woƒe hadzidziwo me;+Eye mezu alɔmeɖenu* na wo.+ 10  Wonyɔa ŋum, wole adzɔge tso gbɔnye;+Eye woɖea ta ɖe mo nam faa.+ 11  Elabena Mawu na nye ŋusẽ gbɔdzɔ,* eye wòbɔbɔm ɖe anyi,Ale be wowɔa nu sia nu si dze wo ŋu la le ŋkunyeme.* 12  Nu vlo wɔha tso ɖe ŋunye le nye ɖusime;Wona mede afɔ du meEye woxe mɔ nam be yewoagblẽ donyeme. 13  Wogblẽ nye toƒewoWona nye xaxa la kpe ɖe edzi,+Eye ame aɖeke meli aɖo asi wo dzi* hã o. 14  Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene;Wolɔ hoo to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye. 15  Ŋɔdzi nye tsyɔm;Woɖe nye bubu ɖa abe yae kplɔe dzoe ene,Eye nye xɔname nu yi abe alilikpo ene. 16  Azɔ agbe le vɔvɔm le menye,*+Hiãŋkekewo tum.+ 17  Le zã me la, nye ƒuwo me ɖuam ƒuƒuƒu,*+Eɖuam madzudzɔmadzudzɔe.+ 18  Enu sẽ ɖe dzinye ale gbegbe be nye awu trɔ ɖeƒomevii;*Emia ve nam sesĩe abe nye awu ƒe kɔme ene. 19  Mawu tu asim ƒu ba me;Ale be mezu ke kple afi ɖeɖe. 20  Medoa ɣli be nàxɔ nam, ke mètɔna nam o;+Metso ɖe tsitrenu, ke ɖeko nèle kpɔyem dũu. 21  Ètrɔ zu ŋutasẽla ɖe ŋunye;+Ètsɔ wò alɔkame sesẽ la dze dzinye. 22  Èkɔm ɖe dzi ale be ya kɔm dzoe;Eye nènyamam* le ahom me. 23  Elabena menyae nyuie be àtsɔm ade asi na ku,Ne mayi xɔ si me agbagbeawo katã ƒoa takpli ɖo la. 24  Gake ame aɖeke megaƒoa ame si gbã gudugudu,+Esi wòle ɣli dom be woaxɔ na ye le xaxaɣi o. 25  Ðe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ta oa?* Ðe nyemexa nu* ɖe ame dahewo ŋuti oa?+ 26  Menɔ mɔ kpɔm na nyui, ke vɔ̃ boŋ ye va;Menɔ kekeli sinu kpɔm, ke viviti boŋ ye do. 27  Nye dɔ me le totrom hegbe emedzedze;Hiãŋkekewo va ƒo ɖe dzinye. 28  Melé blanui le yiyim;+ nyemekpɔ kekeli aɖeke o. Metso le ha la dome le ɣli dom be woaxɔ nam. 29  Mezu agbotoewo nɔvi,Kple golowo* ƒe zɔhɛ.+ 30  Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi hele fofom le ŋunye,+Eye nye ƒuwo me ʋu dzo hɛ̃ le dzoxɔxɔ la ta.* 31  Konyifafa ko ŋue nye saŋku ɖina ɖo,Eye nye kpẽ ɖina avigbee.

Etenuŋɔŋlɔ

Hebrigbe “Rotem-tiwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wotsɔ atam nya wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “lodonu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “na nye daka me gbɔdzɔ.”
Alo, “womegadea ga woƒe nu o.”
Agate ŋu afia, “akpe asi ɖe wo ŋu.”
Alo, “nye luʋɔ gbɔdzɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wowlua nye ƒuwo me.”
Agate ŋu afia, “Nye vevesesea nu sẽ ale gbegbe be nye ametia trɔ bubui.”
Agate ŋu afia, “nègbãm.”
Alo, “ame siwo ŋkekea sesẽ na la nu oa?”
Alo, “Ðe nye luʋɔ mexa nu.”
Alo, “tsatsaboliwo.”
Agate ŋu afia, “le asrã ta.”