Hiob 29:1-25

  • Hiob ɖo ŋku dzidzɔŋkeke siwo do ŋgɔ na eƒe fukpekpewo dzi (1-25)

    • Wodea bubu eŋu le dugbo la nu (7-10)

    • Eƒe agbe dzɔdzɔe si wònɔ tsã (11-17)

    • Ame sia ame sea eƒe aɖaŋuɖoɖo (21-23)

29  Eye Hiob gayi eƒe nyawo* dzi be:   “Oo, ɖe wòanɔ nam abe ale si wònɔ le dzinu tsãtɔwo me ene,Abe ŋkeke siwo me Mawu nɔ tanye kpɔm ene;   Esime wòna eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi,Eye eƒe kekeli kplɔam to viviti me;+   Esime menɔ ame me,* ŋusẽ nɔ ŋunye,Esime menɔ ƒomedodo me kple Mawu le nye agbadɔ me;+   Esime Ŋusẽkatãtɔ la gale gbɔnye,Esime vinyewo* katã ƒo xlãm!   Esime nye afɔtoƒewo nyea notsi kpekẽ ɖeɖe sɔŋ,Eye agakpe dudua ami kɔna ɖi nam bɔbɔbɔ;+   Esime medona yia dua ƒe agbo nu+Hebɔbɔna nɔa anyi ɖe zikpui dzi gli le ablɔ me ɖe,+   Ne ɖekakpuiwo kpɔm la, wotena yia adzɔge,*Eye ame tsitsiwo ke hã tsona ɖe tsitrenu.+   Amegãwo tsoa woƒe nyawo dzi;Eye woɖoa asi nu. 10  Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo;Eye woƒe aɖe léna ɖe aŋɔme na wo. 11  Ame sia ame si se nye nyawo la kafuam,Eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋunye. 12  Elabena mexɔna na ame dahe si le ɣli dom,+Tsyɔ̃evi kple ame si xɔnametɔ aɖeke meli na o la.+ 13  Ame si ɖo kudo nu la ƒe yayra nɔa dzinye,+Eye menaa ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.+ 14  Metaa dzɔdzɔenyenye abe avɔ ene;Eye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le abe awu ʋlaya kple tablanu ene. 15  Ŋku menye na ŋkuagbãtɔEye afɔ menye na bunɔ. 16  Fofo menye na ame dahewo;+Medoa ame manyamanya ƒe ʋɔnunya gɔme.+ 17  Mefea glã na nu gbegblẽ wɔla la+Eye meɖea nu si dzi wòkpe aɖu ɖo la le aɖutɛ me nɛ. 18  Megblɔna be, ‘Nye ŋutɔ nye aƒe mee maku le,*+Eye nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe kekui ene. 19  Maɖe kè wòade tsi gbɔ,Eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã bliboa. 20  Nye bubu anɔ yeye zum ɣesiaɣi,Eye manɔ aŋutrɔ si le asinye me la dada dzi.’ 21  Amewo ɖoa tom hekpɔa asinye nu,Eye wozia ɖoɖoe sea nye aɖaŋuɖoɖo.+ 22  Ne meƒo nu vɔ la, nya aɖeke meganɔa wo si woagblɔ o;Eye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ.* 23  Wolalaam abe ale si wolalaa tsidzadza ene;Eye wokea woƒe nu baa abe adatsie wokee na ene.+ 24  Ne meko alɔgbɔnu na wo la, womexɔnɛ sena o;Ale si mekɔa mo ɖe wo la nana dzi ɖoa wo ƒo.* 25  Nyee fiaa mɔ wo abe woƒe tatɔ ene,Menɔ abe fia ene le eƒe aʋakɔwo dome,+Abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “lododoa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “menɔ nye ɖekakpuiŋkekewo me.”
Alo, “nye subɔviwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wobèna.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye atɔ mee maku le.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye nyawo nyɔ́na ɖe wo dzi miɔɔ.”
Agate ŋu afia, “Womenana nye mokɔkɔ ɖe ame ŋu nu tsina o.”