Hiob 24:1-25
24 “Nu ka tae Ŋusẽkatãtɔ la meɖo ɣeyiɣi ɖi o?+
Nu ka tae ame siwo dze sii la menya eƒe ŋkeke* o?
2 Ame aɖewo ŋea liƒo ɖe eme;+Wodaa adzo lãhawo hekplɔa wo yia woƒe gbeɖuƒee.
3 Wokplɔa tsyɔ̃eviwo gɔ̃ hã ƒe tedzi dzonɛEye woxɔa ahosi ƒe nyi sesẽe wɔa awɔbanui.+
4 Wotua asi ame dahewo ɖa le mɔ dzi;Eye wɔnamanɔŋutɔ siwo le anyigbaa dzi la sina bena na wo.+
5 Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim abe gbetedzi+ le gbedzi ene;Wotsana le gbegbe nɔa nuɖuɖu dim na wo viwo.
6 Ame bubu ƒe agble mee woxaa nu le,*Eye wofɔa nuku dzɔdzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe waingble me.
7 Womlɔa anyi amama le zã me avɔ makpɔe;+Eye naneke mele wo si woatsyɔ le vuvɔ me o.
8 Tsi ƒoa wo le towo dzi belee;Esi bebeƒe aɖeke meli o ta la, wokuna ɖe agakpewo ŋu.
9 Woɖea tsyɔ̃evi gɔ̃ hã ɖa le no nu sesẽe;+Eye woɖea avɔ si le ame dahe ŋu gɔ̃ hã wɔa awɔbanui.+
10 Ale wotsi ama le yiyim le esi avɔ mele wo si o ta,Eye wole dɔmeɣi hegatsɔ nuku bablawo ɖe ta.
11 Wodagbana le ŋdɔgbe le gliwo domee;*Wofiãa wain le wainfiãƒewo gake tsikɔ ganɔa wo wum.+
12 Kudɔƒolawo le ŋeŋem le dua me;Eye ame* siwo ŋu wode kubii la ƒe ɣli le ɖiɖim,+Gake Mawu mebui be nane gblẽ le eŋu o.*
13 Ame aɖewo li siwo tsia tsitre ɖe kekeli ŋu;+Womedzea si eƒe mɔwo o,Eye womezɔa eƒe toƒewo o.
14 Ne ŋu ke la, amewula tsona;Eye wòwua wɔnamanɔŋutɔ kple ame dahe,+Ke le zã me la, efia fi.
15 Ŋutsu ahasitɔ ya ƒe ŋku le anyinutsyɔɣi ŋu,+Egblɔna be, ‘Ame aɖeke makpɔm o!’+
Eye wòtsyɔa nu mo.
16 Adzogliwo dzea zã ɖe aƒewo ŋu;Wodoa ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu le ŋkeke me.
Womelɔ̃a kekeli ƒe nya o.+
17 Elabena agudzedze le na wo abe viviti tsiɖitsiɖi ene;Elabena wonya ale si blukɔ ƒe ŋɔdzi léa amee la nyuie.
18 Gake wo nu yina kaba abe tɔsisie kplɔ wo dzoe ene.*
Woaƒo fi ade anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome.+
Womagatrɔ ayi woƒe waingblewo me o.
19 Ale si kuɖiɖi kple dzoxɔxɔ kplɔa sno si lólo dzonae la,Nenemae Tsiẽƒe* hã kplɔa nu vɔ̃ wɔlawo dzonae!+
20 Dadaa* aŋlɔe be, nyéviwo aɖui;
Womagaɖo ŋku edzi azɔ o.+
Eye woaŋe ame madzɔmadzɔ abe ati ene.
21 Etafaa konɔ,Eye wòwɔa fu ahosi.
22 Mawu atsɔ eƒe ŋusẽ aɖe ŋusẽtɔwo ɖa;Togbɔ be wole tsitrenu hã, kakaɖedzi meli be woanɔ agbe o.
23 Mawu ɖea asi le wo ŋu wokana ɖe wo ɖokuiwo dzi hebuna be yewole dedie,+Gake eƒe ŋkuwo le nu sia nu si wowɔna ŋu.*+
24 Woado wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe, kasia wo nu ayi.+
Wobɔbɔa wo ɖe anyi+ eye woɖea wo ɖa abe ame bubu ɖe sia ɖe ko ene;Eye woŋea wo abe ale si woŋea nuku le nuŋeɣi ene.
25 Azɔ ame kae ate ŋu aɖe aʋatso nam,Alo agblɔ be nye nyawo mele eme o?”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Efia, eƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke.
^ Agate ŋu afia, “wodia lãwo ƒe nuɖuɖu le.”
^ Agate ŋu afia, “Woɖaa ami le gliwo domee.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Agate ŋu afia, “Gake Mawu mebua fɔ ame aɖeke o.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Gake eyina kaba le tɔ ŋgɔ.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Vidzidɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “le woƒe mɔwo ŋu.”