Hiob 20:1-29
20 Eye Naamatɔ Zofar+ ɖo eŋu be:
2 “Nu siwo le fu ɖem na nye susue ƒoe ɖe nunye be maɖo nya ŋuElabena metsi dzodzodzoe le ɖokuinye me.
3 Mese mokaname aɖe si nye dzu nam;Eye nye nugɔmesese* ƒoe ɖe nunye be maɖo eŋu.
4 Ðe wòle be nànya esia xoxoxo,Elabena aleae wòle tso esime wowɔ amegbetɔ* ɖe anyigba dzi,+
5 Be ame vɔ̃ɖiwo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o,Eye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe mawumavɔ̃la* ƒe dzidzɔ nɔa anyi.+
6 Ne eƒe gãnyenye kɔ yi ɖatɔ dziƒo ke,Eye eƒe ta yi ɖatɔ alilikpowo hã la,
7 Aɖo agu ɖikaa abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene;Ame siwo kpɔnɛ tsã la agblɔ be, ‘Afi kae wòle?’
8 Enu ayi abe drɔ̃e ene, eye womagakpɔe o;Abú kura abe zãmeŋutega ene.
9 Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o,Eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe azɔ o.+
10 Viawo adi be ame dahewo nave yewo nu,Eye eya ŋutɔ ƒe asi atrɔ kesinɔnuwo ana amewo.+
11 Ðekakpuimeŋusẽ kpɔtɔ le eƒe ƒuwo ŋu,Ke atsɔe* ayi ketu me.
12 Ne nu vɔ̃ɖi vivina le nu me nɛ,Eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,
13 Ne ele enu vivim eye wògbe asiɖeɖe le eŋuEye wòkpɔtɔ le nu me nɛ hã la,
14 Eƒe nuɖuɖu atrɔ azu veve le dɔ me nɛ;Eye wòatrɔ azu ƒli ƒe aɖi* le lãme nɛ.
15 Emi kesinɔnu, ke adzɔe;Mawu aɖee tso eƒe dɔ me ke.
16 Ano ƒli ƒe aɖi;Eye dzakpata ƒe tsó* awui.
17 Magakpɔ tɔʋuwo akpɔ o,Magakpɔ tɔʋu siwo me anyitsi kple notsi kpekẽ le sisim le la o.
18 Agbugbɔ nu siwo su esi la ana, eye maɖu wo o;*Maɖu viɖe si wòkpɔ tso eƒe asitsatsa me o.+
19 Elabena egbã ame dahewo gudugudu hegblẽ wo ɖi;Exɔ aƒe si metso o la sesẽe.
20 Gake makpɔ gbɔdzɔe aɖeke le eɖokui me o;Eye eƒe kesinɔnuwo maxɔ nɛ o.
21 Naneke masusɔ nɛ wòaɖu hamham o;Esia tae nu madze edzi nɛ eteƒe nadidi o.
22 Ne nu bɔ ɖe esi kpaŋkpaŋ la, hiã atui;Eye vɔ̃ aƒo ɖe edzi bibibi.
23 Ne eɖu nu ɖi ƒo la,Ekema Mawu atrɔ eƒe dziku helĩhelĩ akɔ ɖe edzi,Eye wòadudui akɔ ɖe edzi wòaɖo keke eƒe dɔkawo me ke.
24 Ne esi le gayibɔlãnuwo nu la,Akɔbliŋutrɔwo aƒo ɖee.
25 Eho aŋutrɔ si ƒo ɖe dzime nɛ,Ehe lãnu dadzo la doe tso eƒe vevegoe me,Eye ŋɔdzi lée.+
26 Viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam;Dzo si ame aɖeke meƒlɔ ɖo o la afiãe keŋkeŋ;Eye afɔku dziŋɔ le ame si kpɔtɔ ɖe eƒe agbadɔ me la lalam.
27 Dziƒo aklo nu le eƒe vodada dzi;Eye anyigba atso ɖe eŋu.
28 Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe;Tsidzadza gãe wòanye le Mawu ƒe dzikudogbe la.
29 Esiae nye ame vɔ̃ɖi ƒe gome tso Mawu gbɔ,Eƒe domenyinu si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye nugɔmesese ƒe gbɔgbɔ.”
^ Alo, “amegbetɔƒomea; Adam.”
^ Alo, “xɔsegbela.”
^ Efia, eƒe ŋusẽ.
^ Alo, “veve.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “aɖe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye mami wo o.”