Hiob 16:1-22

  • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-22)

    • ‘Akɔfala siwo doa nuxaxa na ame koe mienye!’ (2)

    • Hiob gblɔ be Mawu tsɔ ye ɖo nudzidzea (12)

16  Hiob ɖo eŋu be:   “Mese nya siawo tɔgbi geɖe. Akɔfala siwo doa nuxaxa na ame koe mi katã mienye!+   Ðe nya gbɔlo* siawo nu ava tsoa? Nu kae ve wò be nèle nya ŋu ɖom alea?   Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ke ene. Ne ɖe miele tenyeƒe la,*Anye ne mate ŋu agblɔ nya gã nya gãwo ɖe mia ŋu aleaEye mate ŋu aʋuʋu ta ɖe mia ŋu hafi.+   Gake ɖe matsɔ nye numenyawo ado ŋusẽ mi,Eye nye akɔfanyawo afa dzi na mi boŋ.+   Ne meƒo nu la, nye vevesesea dzi maɖe akpɔtɔ o,+Eye ne mezi ɖoɖoe hã, ɖe wòafa nama?   Ke azɔ ena wɔna vɔ le ŋunye;+Eye wòtsrɔ̃ nye aƒekɔ la* katã.   Wò asi su dzinye hã, eye wòzu ɖaseɖiɖi,Ale be meɖi ku eye nye kuɖiɖi sia tso hele ɖase ɖim ɖe mo nam kã.   Eƒe dɔmedzoe vuvum ʋayaʋaya, eye wòlém ɖe dɔme.+ Eɖua aɖukli ɖe ŋunye. Nye ketɔ la klẽ ŋku ɖe ŋunye.+ 10  Woke woƒe nu baa ɖe ŋunye,+Eye woƒo tome nam vlodoametɔe;Wolɔ hoo ɖe ŋunye.+ 11  Mawu gblẽm ɖe ŋutsuviwo si me,Eye wòtsɔm de asi na ame vɔ̃ɖiwo.+ 12  Meli bɔkɔɔ, gake egbãm nyanyanya;+Elé ʋume nam, eye wòtsɔm xlã ɖi megbã ʋayaʋaya;Etsɔm ɖo nudzidzea na eɖokui. 13  Eƒe aŋutrɔdalawo ƒo xlãm;+Eŋɔ nye ayikuwo+ nublanuimakpɔmakpɔe;Egbã nye vevegoe kɔ ɖe anyi. 14  Eŋɔm flofloflo;Elũ ɖe dzinye abe aʋawɔla ene. 15  Metɔ akpanya do,+Eye meɖi nye bubu* ɖe ke me.+ 16  Mefa avi ʋuu nye mo do ʋusrã,+Eye blukɔ* tsyɔ nye aɖabawo dzi, 17  Evɔ nu madzɔmadzɔ aɖeke mele nye asiwo me oEye nye gbedodoɖa le dzadzɛ hafi. 18  Oo anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o!+ Eye gbɔɖemeƒe meganɔe na nye ɣlidodo o! 19  Fifia gɔ̃ hã, nye ɖasefo le dziƒowo;Ame si aʋli tanye la le dzi ʋĩi. 20  Xɔ̃nyewo le fewu ɖum le ŋunye+Esi nye ŋkuwo le aɖatsi fam* na Mawu.+ 21  Ne ɖe ame aɖe atso nya me le amegbetɔ kple Mawu dome,Abe ale si wotsoa nya me le ame kple ehavi dome ene ɖe!+ 22  Elabena ƒe ʋɛ aɖewo koe gasusɔ,Eye maɖo ta demagbɔnugbe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzodzro.”
Alo, “Ne ɖe miaƒe luʋɔ le nye luʋɔ teƒe la.”
Alo, “ame siwo ƒoa ƒu kplim.”
Alo, “ŋusẽ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzo.”
Alo, “ku ƒe vɔvɔli.”
Agate ŋu afia, “Esi nye ŋkuwo tsi zãdomadɔlɔ̃e.”