Hiob 15:1-35

  • Elifaz ƒe nuƒo evelia (1-35)

    • Egblɔ be Hiob mevɔ̃a Mawu o (4)

    • Egblɔ be Hiob nye dadala (7-9)

    • ‘Mawu mexɔ eƒe ame kɔkɔewo dzi se o’ (15)

    • ‘Ame vɔ̃ɖie kpea fu’ (20-24)

15  Eye Temantɔ Elifaz+ ɖo eŋu be:   “Ðe nunyala atsɔ nya gbɔlowo* sɔŋ aɖo nya ŋua,Alo ɖe wòatsɔ ɣedzeƒeya ayɔ eƒe dɔ mea?   Mokanamenyawo ɖeɖe maɖe vi aɖeke o,Eye tsɔɖui aɖeke mele nuƒoƒo gbɔlo me o.   Èna mawuvɔvɔ̃ me gbɔdzɔ,Eye nèna ŋugbledede le Mawu ŋu yi to.   Elabena wò vodada ye fiaa mɔ nya si nègblɔna,*Eye nètia nuƒoƒo ayetɔe.   Wò ŋutɔ wò nue le fɔ bum wò, menye nyee o;Wò ŋutɔ wò nuyiwoe nye ɖasefo ɖe ŋuwò.+   Wòe nye ame gbãtɔ wodzi loo,Alo ɖe nètre dzɔdzɔ na togbɛwoa?   Ðe nèsea Mawu ƒe nya ɣaɣlawoa,Alo wò ɖeka gbɔ koe nunya tso aƒe ɖoa?   Nu ka koŋ nènya, si míawo ya míenya o?+ Nu ka gɔmee nèse, si gɔme míawo ya míese o? 10  Ta ƒowɔ kple amegãɖeɖiwo le mía dome,+Ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã. 11  Ðe Mawu ƒe akɔfanyawo,Alo eƒe nya siwo wògblɔ tufafatɔe la, mesɔ gbɔ na wò oa? 12  Nu ka tae nèna wò dzi le blewòm,Eye nu ka tae wò ŋku biã hɛ̃ le dziku me? 13  Elabena ètrɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu,Eye nèna nya siawo tɔgbi le dodom le nuwò. 14  Nu kae amegbetɔ nye, be wòanɔ dzadzɛ,Alo be nyɔnu tɔ dzidzia nanye ame dzɔdzɔe?+ 15  Kpɔ ɖa! Mexɔ eƒe kɔkɔetɔwo ke hã dzi se o,Eye dziƒowo ŋutɔ hã medza le eŋkume o.+ 16  Ʋuu keke wòahayi ame nyɔŋu, ame vlo,+Ame si le nu madzɔmadzɔ nom abe tsi ene la nye gea? 17  Magblɔe na wò sea; ɖo tom! Na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò, 18  Nu si nunyalawo se tso wo fofowo gbɔ,+Eye womeɣla eƒe ɖeke o. 19  Woawo koe wotsɔ anyigba la na,Eye ame tutɔ aɖeke meto wo dome o. 20  Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le eƒe ŋkekewo katã me,Le ƒe siwo katã wodzra ɖo ɖi na ŋutasẽla la me. 21  Esea gbeɖiɖi dziŋɔwo le eƒe to me;+Adzoblasuwo va dzea edzi le ŋutifafaɣi. 22  Mexɔe se be yeasi le viviti la nu o;+Elabe yi koe le elalam. 23  Ele tsatsam le nuɖuɖu* dim​—afi kae ɖe le? Enyae nyuie be vivitidogbe la tu aƒe. 24  Xaxa kple veve doa ŋɔdzi nɛ;Wokpe edzi abe fia si ho aʋa ene. 25  Elabena edo eƒe asi ɖe Mawu ŋutɔ ŋuEye wòte kpɔ be yeatsi tsitre ɖe* Ŋusẽkatãtɔ la ŋu; 26  Elũ ɖe edzi kɔlialiatɔeKple eƒe akpoxɔnu titri sesẽ la;* 27  Eƒe mo da ami kpɔnyɔɔ,Eye wòda ami srɔsrɔsrɔ ɖe ali gbɔ; 28  Du siwo woava gbã la mee wòle,Aƒe siwo me amewo manɔ o,Siwo ava zu glikpowo. 29  Makpɔ ho o, eƒe kesinɔnuwo mali ke o,Eye eƒe nunɔamesiwo magbagba ɖe anyigba dzi o. 30  Masi le viviti nu o;Dzoƒaɖe ana eƒe alɔ nayrɔ,*Eye Mawu ƒe* numegbɔgbɔ alɔe ɖe nu.+ 31  Megable eɖokui be yeaɖo dzi ɖe nu si nye tofloko ŋu o,Elabena nu maɖevi koe wòakpɔ; 32  Ava eme hafi eƒe ŋkeke naɖo,Eye eƒe atilɔ mada ama akpɔ o.+ 33  Anɔ abe wainka si dudu eƒe waintsetse gbogbowo kɔ ɖi ene,Abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo kɔ ɖi ene. 34  Elabena mawumavɔ̃lawo* ƒe ha madzi ɖe edzi o,+Eye dzo afiã zãnuxɔlawo ƒe agbadɔwo. 35  Wofɔ fuɖename ƒe fu, wodzi nu vɔ̃ɖi,Eye beble sɔŋ koe tsi ɖe dɔ me na wo.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nunya dzodzro.”
Alo, “ye le nu fiam wò nu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “abolo.”
Alo, “yeanɔ te ɖe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “akpoxɔnu ƒe titriƒe.”
Efia, mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be eme aganyo nɛ o.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye eƒe.”
Alo, “xɔsegbelawo.”