Hiob 13:1-28
13 “Nyateƒee, nye ŋku kpɔ nu siawo katã,Nye towo see eye wose wo gɔme.
2 Nu si mienya la, nye hã menyae;Nyemebɔbɔ ɖe anyi wu mi o.
3 Ke madi be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔ;Madi be maʋli ɖokuinye ta le Mawu gbɔ.+
4 Ke miele ŋunye gblẽm kple alakpanyawo;Gbedala dzodzrowo mi katã mienye.+
5 Ne ɖe miazi ɖoɖoe kura la,Anye ne woabui nunyae na mi hafi.+
6 Meɖe kuku, mise ɖokuinyenuɖenyawo,Eye milé to ɖe nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒowo ŋu.
7 Ðe miagblɔ nya madzɔmadzɔ ɖe Mawu nua,Eye ɖe miaƒo nu alakpatɔe ɖe enua?
8 Ðe miebe yewoade edzi,*Alo be yewoaxɔ nya ɖe Mawu vavã la nua?
9 Ne edzro mia me kpɔ la, ɖe eme anyo na mia?+
Alo ɖe miaflui abe ale si woflua amegbetɔ enea?
10 Aka mo na mi godoo,Ne miete kpɔ be yewoade ame dzi le adzame;+
11 Ðe eƒe gãnyenye mana miadzo hahaEye eƒe ŋɔdzi nalé mi oa?
12 Miaƒe nya gã nya gãwo nye lodonya gbɔlowo sɔŋ;Miaƒe ametakpɔnuwo* nye anyi dzro ko.
13 Mizi ɖoɖoe le ŋkunyeme, ne maƒo nu.
Eye nu sia nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la, nedzɔ!
14 Nu ka tae metsɔ ɖokuinye de afɔku me,*Eye metsɔ nye agbe* ɖo nye asiƒome?
15 Togbɔ be awum hã la, makpɔ esinu;+Maʋli ɖokuinye ta* le eŋkume.
16 Eya koe axɔ nam,+Elabena mawumavɔ̃la* aɖeke mava eŋkume o.+
17 Milé to ɖe nye nyawo ŋu nyuie;Miƒu to anyi miase nye nyagbɔgblɔwo.
18 Kpɔ ɖa! Metsɔ nye nya va tu anyi;Menyae nyuie be tɔnye adzɔ.
19 Ame kae ate ŋu ahe nya kplim?
Ðeko maku nenye be mezi kpi!*
20 Oo Mawu, nu eve ko biam mele tso asiwò,*Ekema nyemaɣla ɖokuinye le ŋkuwòme o:
21 Ðe wò asi si sẽ ɖe dzinye la ɖa,Eye mègana ŋɔdzi si le ŋuwò la natso dzika ƒo nam o.+
22 Wò ya yɔm ko, ne matɔ na wò;Alo na nye boŋ maƒo nu, ne wò nàɖo eŋu nam.
23 Agɔ kae medze, eye nu vɔ̃ kae mewɔ?
Na manya nye dzidada kple nye nu vɔ̃.
24 Nu ka tae nèɣla wò ŋkume ɖem,+Eye nèle buyem wò futɔe?+
25 Ðe nèbe yeado voɖi na aŋgba dzro si ʋu ya laAlo anya ahɔ̃liti ƒuƒu dzro ɖe nua?
26 Elabena èle nutsotso sesẽwo ŋlɔm ɖi ɖe ŋunye,Eye nèna mele nye ɖevime vodadawo ŋuti fe xem.
27 Èbɔ pã nye afɔwo,Èléa ŋku ɖe nye mɔwo katã ŋu tsitotsito;Eye nède dzesi nye afɔɖoƒewo katã.
28 Eya ta amegbetɔ nyunyɔ* abe nu vóvo ene,Abe avɔ si agbagblaʋui ɖu keŋ ene.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “yewoade edzi ameŋkumekpɔkpɔtɔe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “akpoxɔnuwo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nu ka tae melé nye ŋutilã ɖe aɖu nu?”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Maʋli nye mɔwo ta.”
^ Alo, “xɔsegbela.”
^ Agate ŋu afia, “Ne ame aɖe ate ŋui la, ke mazi ɖoɖoe aku.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu eve ko mègawɔm o.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “enyunyɔ,” anye Hiob ye wowɔnɛ.