Ezekiel 9:1-11

  • Ametsrɔ̃la ade kple ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na (1-11)

    • Ʋɔnudɔdrɔ̃ adze egɔme tso kɔkɔeƒe la (6)

9  Emegbe mese wòdo ɣli gblɔ be: “Miyɔ ame siwo le dua tsrɔ̃ ge la vɛ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nalé eƒe ametsrɔ̃nu ɖe asi!”  Mekpɔ ŋutsu ade to dzigbegbo si dze ŋgɔ dziehe la ƒe mɔ gbɔna,+ eye wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe ametsrɔ̃nu ɖe asi; ŋutsu aɖe le wo dome si do aklalawu, eye agbalẽŋlɔnu* le ali dzi nɛ, eye wova tɔ ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.+  Eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe+ la ho tso afi si wònɔ tsã le kerubiawo tame yi xɔ la ƒe kpui nu,+ eye Mawu yɔ ŋutsu si do aklalawu, si ƒe ali agbalẽŋlɔnu le la.  Eye Yehowa gblɔ nɛ be: “Yi ɖatsa le Yerusalem dua me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo le hũ ɖem hele nu xam+ ɖe ŋunyɔnu siwo katã wɔm wole le dua me la ta.”+  Ke egblɔ na ame kemɛawo mese be: “Minɔ eyome miatsa le dua me, eye mida nu ame. Miaƒe ŋku megakpɔ nublanui o, eye miaƒe dɔme hã megatrɔ ɖe ame ŋu o.+  Miwu amegãɖeɖi, ɖekakpui, ɖetugbui, ɖevi kple nyɔnuwo, eye mitsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ.+ Gake migagogo ame siwo ŋu dzesi le la dometɔ aɖeke o.+ Midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la.”+ Ale wodze egɔme tso ametsitsi siwo le aƒea ŋgɔ la dzi.+  Eye wògagblɔ na wo be: “Migblẽ kɔ ɖo na aƒe la, eye mitsɔ ame kukuwo yɔ xɔxɔnuawo taŋ.+ Miheyi!” Eye woyi ɖada nu amewo le dua me.  Esi woda nu amewo, eye nye ɖeka mekpɔtɔ la, metsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ be: “Aléle, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa! Oo, Israel ƒe ame susɔeawo katãe nèbe yeatsrɔ̃, esi nètrɔ wò dziku helĩhelĩ la le kɔkɔm ɖe Yerusalem dzia?”+  Eye wògblɔ nam be: “Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe vodada sɔ gbɔ ŋutɔ.+ Ʋukɔkɔɖi yɔ anyigba la dzi,+ eye nu fitifiti wɔwɔ yɔ dua me fũu.+ Elabena wogblɔ be, ‘Yehowa gblẽ anyigba la ɖi, eye Yehowa mele ekpɔm o.’+ 10  Eya ta nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nye dɔme hã matrɔ ɖe wo ŋu o.+ Mahe woƒe nuwɔnawo me tsonuwo ava woawo ŋutɔwo ƒe ta dzi.” 11  Eye mekpɔ ŋutsu si do aklalawu, eye agbalẽŋlɔnu le ali nɛ la, trɔ gbɔ va gblɔ be: “Mewɔ abe ale si tututu nède se nam ene.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “agbalẽŋlɔla ƒe nuŋlɔtsigoe.”