Ezekiel 6:1-14

  • Wogblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu (1-14)

    • Gbɔɖiɖi legba nyɔŋuwo (4-6)

    • “Ne miadze sii be, nyee nye Yehowa” (7)

6  Yehowa ƒe gbe gava nam be:  “Amegbetɔvi, trɔ mo ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu.  Eye nàgblɔ be, ‘Oo, Israel towo, mise Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe nya: Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, tɔʋuwo kple baliwo ŋue nye esi: “Kpɔ ɖa! matsɔ yi ɖe mia ŋu, eye makaka miaƒe nuxeƒewo.  Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka nu siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo,+ eye matsɔ miaƒe ame siwo woawu la aƒu gbe ɖe miaƒe legba nyɔŋuwo*+ ŋkume.  Matsɔ Israel-viwo ƒe kukuawo aƒu gbe ɖe woƒe legba nyɔŋuwo ŋkume, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo.+  Miaƒe duwo azu aƒedo+ le mia nɔƒewo katã, eye woakaka miaƒe nuxeƒewo woazu aƒedo.+ Woagblẽ miaƒe vɔsamlekpuiwo ahagbã wo, miaƒe legba nyɔŋuwo nu ayi, woagbã nu siwo dzi miedoa dzudzɔ ɖo la, eye woatutu miaƒe asinudɔwɔwɔwo ɖa.  Ame siwo wowu la atsi mia dome,+ ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.+  “‘“Gake mana ame aɖewo nasusɔ, elabena ne woka mi hlẽ ɖe anyigbawo dzi le dukɔwo dome la, mia dometɔ aɖewo asi le yi nu.+  Mia dometɔ siwo asi la aɖo ŋku dzinye le dukɔ siwo me woaɖe aboyo wo ayii la dome.+ Woakpɔ ale si woƒe dzi mawɔnuteƒe* siwo trɔ ɖa le yonyeme kple woƒe ŋku siwo nɔa woƒe legba nyɔŋuwo yome vevie*+ la gbã dzi nam+ la adze sii. Woƒe nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la akpe ŋu na wo eye wòanyɔ ŋu na wo.+ 10  Ale woadze sii be, nyee nye Yehowa; eye menye dzodzroe megblɔ be mele vɔ̃ sia he ge ava wo dzi o.”’+ 11  “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Si akpe, eye nàtu afɔ anyi ado ɣli be “Aléle!” ɖe ŋunyɔnu vɔ̃ɖi siwo katã Israel ƒe aƒe la wɔ la ta, elabena woatsi yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me.+ 12  Ame si le didiƒe la aku ɖe dɔvɔ̃ si me, ame si le kpuiƒe la atsi yi nu, ame si tsi agbe le nu siawo me la aku le dɔwuame ta; eye mana dɔmedzoe si medo ɖe wo ŋu la naɖo eseƒe ke.+ 13  Eye ne woƒe ame siwo wowu la tsi woƒe legba nyɔŋuwo dome ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiawo godoo,+ le togbɛ kɔkɔwo katã dzi, le towo katã tame, le ati damawo kple ati gã dodowo katã te, afi si wosa vɔ siwo ʋẽna lilili* le na woƒe legba nyɔŋuwo katã be wòafa dzi na wo la,+ ekema woadze sii be, nyee nye Yehowa.+ 14  Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana anyigba la nazu gbegbe, eye wo nɔƒewo katã azu gbegbe wu gbegbe si gogo Dibla. Ale woadze sii be, nyee nye Yehowa.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.
Alo, “yome hena ahasiwɔwɔ.”
Alo, “wɔahasi.”
Alo, “wodo dzudzɔ ʋeʋĩ.”