Ezekiel 48:1-35
48 “Esiawoe nye toawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe gomewo, tso dziehe kekeake: Dan ƒe anyigba+ ato Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo-Hamat,*+ eye wòato Hazar-Enan le Damasko ƒe liƒo ŋu le dziehe gome ayi Hamat kasa;+ eye wòaxɔe tso ɣedzeƒeliƒo la dzi ayi ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
2 Aser tɔ+ nado liƒo kple Dan ƒe anyigba, eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
3 Naftali tɔ+ nado liƒo kple Aser ƒe anyigba, eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
4 Manase tɔ+ nado liƒo kple Naftali ƒe anyigba, eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
5 Efrayim tɔ nado liƒo kple Manase ƒe anyigba,+ eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
6 Ruben tɔ nado liƒo kple Efrayim ƒe anyigba,+ eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
7 Yuda tɔ nado liƒo kple Ruben ƒe anyigba,+ eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
8 Anyigba si miaɖe wòanye adzɔ la nado liƒo kple Yuda ƒe anyigba, eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi, eƒe kekeme nanye abɔklugui akpe blaeve vɔ atɔ̃,+ eye eƒe didime nasɔ ɖe toawo ƒe anyigba ƒe liƒo si tso ɣedzeƒe va yi ɣetoɖoƒe la nu. Kɔkɔeƒe la nanɔ etitina.
9 “Anyigba si miadzɔ na Yehowa la ƒe didime nanye abɔklugui akpe blaeve vɔ atɔ̃, eye eƒe kekeme nanye akpe ewo.
10 Esiae anye adzɔ kɔkɔe na nunɔlawo.+ Adidi abɔklugui akpe blaeve vɔ atɔ̃ le dziehe gome, akeke akpe ewo le ɣetoɖoƒe gome, akeke akpe ewo le ɣedzeƒe gome, eye adidi akpe blaeve vɔ atɔ̃ le anyiehe gome. Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la anɔ etitina.
11 Nunɔla siwo nye Zadok+ vi siwo ŋu wokɔ la tɔ wòanye; ame siawoe wɔ subɔsubɔdɔwo nam eye wometrɔ le yonyeme esime Israel-viwo kple Lewi viwo tra mɔ hegblẽm ɖi o.+
12 Woaka anyigba si wodzɔ la ƒe ɖe na wo wòanye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe, le Lewi viwo ƒe liƒo dzi.
13 “Lewi viwo naxɔ anyigba ɖe nunɔlawo ƒe liƒo ŋu tututu, wòadidi abɔklugui akpe blaeve vɔ atɔ̃, eye wòakeke akpe ewo. (Didime blibo la nanye akpe blaeve vɔ atɔ̃, eye kekemea nanye akpe ewo.)
14 Womekpɔ mɔ adzra anyigba nyuitɔ sia ƒe ɖeke alo aɖɔlii alo ana wòayi ɖe ame bubu aɖeke si me o, elabena nu kɔkɔe wònye na Yehowa.
15 “Ke teƒe mamlɛa, si keke abɔklugui akpe atɔ̃, eye wòle akpe blaeve vɔ atɔ̃ la xa la, nanye teƒe si tsi anyi na du haho+ la, be wòanye nɔƒe kple lãnyiƒe. Eye du la nanɔ etitina.+
16 Du la ƒe dzidzemewoe nye esi: Dziehe gome le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, anyiehe gome le akpe ene alafa atɔ̃, ɣedzeƒe gome le akpe ene alafa atɔ̃, eye ɣetoɖoƒe gome le akpe ene alafa atɔ̃.
17 Lãnyiƒe si le dua ŋu nanye abɔklugui alafa eve blaatɔ̃ le dziehe gome, alafa eve blaatɔ̃ le anyiehe gome, alafa eve blaatɔ̃ le ɣedzeƒe gome, kple alafa eve blaatɔ̃ le ɣetoɖoƒe gome.
18 “Akpa si susɔ la ƒe didime nasɔ ɖe nudzɔdzɔ kɔkɔe la nu,+ wòanye abɔklugui akpe ewo le ɣedzeƒe gome kple akpe ewo le ɣetoɖoƒe gome. Nesɔ pɛpɛpɛ ɖe nudzɔdzɔ kɔkɔe la nu, eye eƒe agblemenuwo nanye nuɖuɖu na ame siwo le dɔ wɔm na dua.
19 Ame siwo tso Israel-toawo katã me le dɔ wɔm na dua nade agble ɖe edzi.+
20 “Teƒe blibo si miadzɔ la nanye abɔklugui akpe blaeve vɔ atɔ̃ le dzogoe eneawo me. Miɖe teƒe sia ɖe vovo be wòanye adzɔ kɔkɔe hekpe ɖe du la ƒe anyigba ŋu.
21 “Ke akpa si susɔ, si le nudzɔdzɔ kɔkɔe la kple du haho la ƒe anyigba ƒe akpa eveawo dzi la nanye amegã la tɔ.+ Esia anɔ abɔklugui akpe blaeve vɔ atɔ̃ la xa le ɣedzeƒe gome kple ɣetoɖoƒe gome. Teƒe sia asɔ ɖe to siwo do liƒo kplii la ƒe anyigba ƒe didime nu, eye wòanye amegã la tɔ. Nudzɔdzɔ kɔkɔe la kple gbedoxɔ la ƒe kɔkɔeƒe la nanɔ etitina.
22 “Lewi viwo ƒe anyigba kple du la ƒe anyigba nanɔ amegã la tɔ dome. Amegã la ƒe anyigba nanɔ Yuda+ ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome.
23 “To susɔeawo ƒe gomee nye esi: Benyamin ƒe anyigba natso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.+
24 Simeon tɔ nado liƒo kple Benyamin ƒe anyigba,+ eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
25 Isakar tɔ+ nado liƒo kple Simeon ƒe anyigba, eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
26 Zebulon tɔ nado liƒo kple Isakar ƒe anyigba,+ eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.+
27 Gad tɔ nado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba,+ eye wòatso ɣedzeƒeliƒo la dzi va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi.
28 Anyieheliƒo si le Gad ƒe liƒo dzi natso Tamar+ ayi Meribat-Kades+ tsiwo gbɔ, eye wòato tɔʋu*+ la ŋu va se ɖe Ƒu Gã* la nu.
29 “Esiae nye anyigba si miama na Israel toawo wòanye woƒe domenyinu,+ eye esiawoe anye woƒe gomewo,”+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.
30 “Esiawoe nye du la ƒe mɔnuwo: Dziehekpa dzi anye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃.+
31 “Woatsɔ Israel-toawo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Agbo etɔ̃ nanɔ dziehe: Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Lewi ƒe agbo.
32 “Ɣedzeƒekpa dzi anye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye agbo etɔ̃ nanɔ eŋu: Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.
33 “Anyiehekpa dzi ƒe dzidzeme le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye agbo etɔ̃ nanɔ eŋu: Simeon ƒe agbo, Isakar ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo.
34 “Ɣetoɖoƒekpa dzi nadidi abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye agbo etɔ̃ nanɔ eŋu: Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo.
35 “Teƒe bliboa katã kpe ɖo anye abɔklugui akpe wuienyi; eye tso gbe ma gbe la, du la ƒe ŋkɔ anye: Yehowa Le Afi Ma.”+