Ezekiel 40:1-49
40 Le míaƒe aboyomenɔnɔ+ ƒe ƒe blaeve vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia dzi, le esime wosi du la ƒe ƒe wuienelia me la,+ gbe ma gbe tututu Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòkplɔm yi du la me.+
2 Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israel-nyigba dzi eye wòdam ɖe to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi,+ eye nane si ƒe dzedzeme le abe du aɖe ene la le edzi le anyiehe gome.
3 Esi wòkplɔm yi afi ma la, mekpɔ ŋutsu aɖe si ƒe dzedzeme le abe akɔbli ene.+ Elé dzidzeka kple dzidzeti* ɖe asi,+ eye wòle tsitre ɖe agbo la nu.
4 Eye ŋutsu la gblɔ nam be: “Amegbetɔvi, ke ŋku nyuie nàkpɔ nu, ke to nyuie nàse nu, eye nàlé fɔ ɖe* nu siwo katã ɖe ge mala afia wò la ŋu, elabena susu sia tae wokplɔ wò va afi sia ɖo. Gblɔ nu siwo katã kpɔ ge nàla la na Israel ƒe aƒe la.”+
5 Mekpɔ be woɖo gli ƒo xlã gbedoxɔ* la kpe ɖo. Eye dzidzeti si didi abɔklugui ade la le ŋutsua si (woda didime si anɔ asiƒome ɖeka ɖe abɔklugui ɖe sia ɖe dzi).* Eye wòdzidze gli la; eƒe titrime nye dzidzeti ɖeka, eye eƒe kɔkɔme nye dzidzeti ɖeka.
6 Eye wòva agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe+ gome la nu heflɔ eƒe atrakpuiawo. Edzidze agbo la ƒe agbalinu, ekeke dzidzeti ɖeka, eye wògadzidze agbalinu kemɛa hã, ekeke dzidzeti ɖeka.
7 Dzɔlawo ƒe xɔvi la dometɔ ɖe sia ɖe didi dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka, eye teƒe si le dzɔlawo ƒe xɔviawo dome le abɔklugui atɔ̃.+ Agbo la ƒe agbalinu si le agbo la ƒe akpata ŋu le eme ɖaa la le dzidzeti ɖeka.
8 Edzidze agbo la ƒe akpata si le eme lɔƒo wòle dzidzeti ɖeka.
9 Egadzidze agbo la ƒe akpata wòle abɔklugui enyi; eƒe domegliwo le abɔklugui eve; eye agbo la ƒe akpata le eme lɔƒo.
10 Dzɔlawo ƒe xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la ƒe akpa si, eye etɔ̃ le akpa kemɛ. Xɔvi etɔ̃awo katã ƒe dzidzeme le ɖeka, eye domegli siwo le eƒe akpa eveawo la katã ƒe dzidzeme le ɖeka.
11 Azɔ edzidze agbo la ƒe mɔnu ƒe kekeme wòle abɔklugui ewo, eye mɔnu la ƒe didime le abɔklugui wuietɔ̃.
12 Kpɔ si wotɔ ɖe dzɔlawo ƒe xɔviawo nu la do ɖe ŋgɔ abɔklugui ɖeka le eƒe akpa eveawo. Dzɔlawo ƒe xɔvi la keke abɔklugui ade le akpa si kple akpa kemɛ.
13 Eye wòdzidze agbo la ƒe kekeme tso dzɔlawo ƒe xɔvi ɖeka tame* va se ɖe xɔvi kemɛ tame wòle abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃; edzidzee tso eƒe mɔ ɖeka nu yi ekemɛ nu.+
14 Edzidze domegliawo ƒe kɔkɔme wòle abɔklugui blaade, eye nenemae domegli siwo le agboawo ŋu le xɔxɔnua hã le.
15 Tso agbo la ƒe mɔnu ŋgɔ va se ɖe akpata la ƒe mɔnu le agbo la ƒe nuwuƒe le abɔklugui blaatɔ̃.
16 Fesre siwo ƒe nu keke le gota hemia ɖo ɖe eme+ la le dzɔlawo ƒe xɔviawo kple woƒe domegliawo ŋu le agbo la me le eƒe akpa eveawo. Fesreawo le akpata la hã ŋu le eƒe akpa evea siaa, eye wota detiwo+ ɖe domegliawo ŋu.
17 Azɔ ekplɔm yi xɔxɔnu gotatɔ, eye mekpɔ nuɖuxɔwo*+ le afi ma, eye woɖo kpe gbadzɛwo ɖe anyigba le xɔxɔnu la godoo va kpe. Nuɖuxɔawo le blaetɔ̃, le afi si kpeɖoɖoawo le.
18 Kpe gbadzɛ siwo woɖo ɖe anyigba le agboawo ƒe axawo dzi la sɔ ɖe agboawo ƒe didime nu—eyae nye teƒe si woɖo kpe ɖo le anyigbe gome.
19 Eye wòdzidze kekeme si tso anyigbegbo la nu yi xɔxɔnu emetɔ la ŋgɔ. Ele abɔklugui alafa ɖeka; aleae wòle le ɣedzeƒe gome kple dziehe gome hã.
20 Agbo le xɔxɔnu gotatɔ la nu, si dze ŋgɔ dziehe; edzidze eƒe didime kple eƒe kekeme.
21 Dzɔlawo ƒe xɔvi siwo le eme la le etɔ̃ le eƒe akpa si kple akpa kemɛ. Eƒe domegliwo kple eƒe akpataa ƒe dzidzeme sɔ kple agbo gbãtɔa tɔ. Edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃.
22 Eƒe fesrewo, eƒe akpata kple deti siwo wota ɖe eŋu+ la ƒe dzidzeme sɔ kple ɣedzeƒegbo la tɔ. Atrakpuifɔflɔ adre woliana yia edzi, eye eƒe akpata le wo ŋgɔ.
23 Agbowo le xɔxɔnu emetɔ la nu, ɖeka dze ŋgɔ dziehegbo la eye evelia dze ŋgɔ ɣedzeƒegbo la. Edzidzee tso agbo ɖeka nu yi agbo evelia nu wòle abɔklugui alafa ɖeka.
24 Azɔ ekplɔm va anyiehe gome, eye mekpɔ agbo si le anyiehe gome la hã.+ Edzidze agboa ƒe domegliwo kple eƒe akpata la wòle abe agbo kemɛawo ƒe dzidzeme ke ene.
25 Fesrewo le eya kple eƒe akpata la ŋu kpe ɖo abe fesre kemɛawo ene. Agboa didi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃.
26 Atrakpuifɔflɔ adre woliana yia edzi,+ eye akpata le wo ŋgɔ. Wota detiwo ɖe eƒe domegliwo ŋu le eƒe akpa eveawo siaa.
27 Agbo aɖe le xɔxɔnu emetɔ la nu, eye wòdze ŋgɔ anyiehe; edzidzee tso agbo nu yi agbo nu le anyiehe gome wòle abɔklugui alafa ɖeka.
28 Ekplɔm to anyiehegbo la nu yi xɔxɔnu emetɔ la, eye wòdzidze anyiehegbo la wòle abe agbo kemɛawo ƒe dzidzeme ke ene.
29 Dzɔlawo ƒe xɔvi siwo le eme, eƒe domegliwo kple eƒe akpata la ƒe dzidzeme le abe ekemɛawo tɔ ene. Fesrewo le wo kple eƒe akpata la ŋu le eƒe akpa si kple akpa kemɛ. Edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃.+
30 Akpatawo li keŋ; ɖe sia ɖe didi abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke abɔklugui atɔ̃.
31 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu gotatɔ la, wota detiwo ɖe eƒe domegliwo ŋu,+ eye atrakpuifɔflɔ enyi woliana yia edzi.+
32 Azɔ ekplɔm to ɣedzeƒe gome yi xɔxɔnu emetɔ la, eye wòdzidze eƒe agbo la wòle abe agbo kemɛawo ƒe dzidzeme ke ene.
33 Dzɔlawo ƒe xɔvi siwo le eme, eƒe domegliwo kple eƒe akpata la ƒe dzidzeme le abe ekemɛawo ke ene, eye fesrewo le wo kple eƒe akpata la ŋu le eƒe akpa eveawo siaa. Edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃.
34 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu gotatɔ la, eye wota detiwo ɖe eƒe domegliwo ŋu le eƒe akpa eveawo, eye atrakpuifɔflɔ enyi woliana yia edzi.
35 Azɔ ekplɔm va dziehegbo+ la me, eye wòdzidzee wòle abe agbo kemɛawo ƒe dzidzeme ke ene.
36 Dzɔlawo ƒe xɔvi siwo le eme, eƒe domegliwo kple eƒe akpata la ƒe dzidzeme le abe ekemɛawo ke ene. Fesrewo le eŋu le eƒe akpa eveawo. Agbo la didi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blaeve vɔ atɔ̃.
37 Eƒe domegliwo dze ŋgɔ xɔxɔnu gotatɔ, wota detiwo ɖe eƒe domegliwo ŋu le akpa eveawo siaa, eye atrakpuifɔflɔ enyi woliana yia edzi.
38 Nuɖuxɔ aɖe li si ƒe mɔnu le agboa ƒe domegliawo xa. Afi mae wokpalaa numevɔsalã blibowo le.+
39 Kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata la ƒe go si kple eƒe go kemɛ me; woawo dzie wowua numevɔsa blibo+ kple nuvɔ̃vɔsa+ kpakple fɔɖivɔsa+ lãwo le.
40 Kplɔ̃ eve le gota le afi si wotona yia dziehegbo la nu; eye kplɔ̃ eve bubu le agbo la ƒe akpata la ƒe go kemɛ hã.
41 Kplɔ̃ ene le agboa xa le eƒe go si me, eye kplɔ̃ ene le eƒe go kemɛ me; wole kplɔ̃ enyi, siwo dzi wowua vɔsalãwo le.
42 Kpe fufuwoe wotsɔ wɔ numevɔsa blibo ƒe kplɔ̃ eneawo. Wodidi abɔklugui ɖeka kple afã, wokeke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wokɔ abɔklugui ɖeka. Woawo dzie wodaa nu vovovo siwo wozãna tsɔ wua lãwo hena numevɔsawo kple vɔsa bubuwo la ɖo.
43 Wowɔ nu siwo ŋu woatsɔ nu akui, siwo keke asiƒome ɖeka la, ɖe gliawo ŋu keŋ; eye wotsɔa nunavɔsalã la dana ɖe kplɔ̃awo dzi.
44 Hadzilawo+ ƒe nuɖuxɔwo le agbo emetɔ godo; wole xɔxɔnu emetɔ la, le dziehegbo la xa, eye wodze ŋgɔ anyiehe gome. Nuɖuxɔ bubu aɖe hã le ɣedzeƒegbo la xa, si dze ŋgɔ dziehe gome.
45 Eye wògblɔ nam be: “Nuɖuxɔ sia si dze ŋgɔ anyiehe gome la nye nunɔla siwo le subɔsubɔm le gbedoxɔa me la tɔ.+
46 Eye nuɖuxɔ si dze ŋgɔ dziehe gome la nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpuia ŋu dɔwo gbɔ la tɔ.+ Ame siawoe nye Zadok+ viwo, eye woawoe nye Lewi vi siwo tena vaa Yehowa ŋkume va subɔnɛ.”+
47 Eyome edzidze xɔxɔnu emetɔ la. Edidi abɔklugui alafa ɖeka, ekeke abɔklugui alafa ɖeka, eye wòle dzogoe ene me. Vɔsamlekpui la le gbedoxɔa ŋgɔdze.
48 Eyome ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me,+ eye wòdzidze akpata la ƒe domegli la ƒe titrime, eye wòle abɔklugui atɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe. Agbo la ƒe axadzigli keke abɔklugui etɔ̃ le akpa si kple abɔklugui etɔ̃ le akpa kemɛ.
49 Akpata la didi abɔklugui blaeve, eye wòkeke abɔklugui wuiɖekɛ.* Atrakpuiwo woliana yia edzi. Sɔtiwo le domegliawo xa, ɖeka le akpa si, eye ɖeka le akpa kemɛ.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò dzi nenɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “xɔ.” Le agbalẽ sia ƒe ta 40-48 me la, míazã “gbedoxɔ” nenye be teƒe bliboa alo xɔa ƒe akpa si nye gbedoxɔa ŋutɔe wowɔnɛ.
^ Esiae nye “abɔklugui legbeetɔ.” Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Ðewohĩ tso dzɔlawo ƒe xɔvi ƒe gli la tame ye wowɔnɛ.
^ Alo, “mekpɔ xɔviwo.”
^ Agate ŋu afia, “wuieve.”