Ezekiel 35:1-15

  • Nya ɖe Seir tonutowo ŋu (1-15)

35  Yehowa ƒe gbe gava nam be: 2  “Amegbetɔvi, trɔ nàdze ŋgɔ Seir tonuto+ la nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu.+ 3  Gblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: “Oo, Seir tonuto, kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye mana nàzu gbegbewo ƒe gbegbe.+ 4  Mana wò duwo nazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe;+ ne nàdze sii be, nyee nye Yehowa. 5  Elabena èlé fu ame kaɖikaɖi,+ eye nètsɔ Israel-viwo de asi na yi le woƒe xaxagbe, le ɣeyiɣi mamlɛ si me mehe to na wo.”’+ 6  “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be: ‘Zi ale si mele agbe la, made wò asi be woakɔ wò ʋu ɖi, eye ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo.+ Esi wònye ʋue nèlé fui ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo.+ 7  Mana Seir tonuto la nazu gbegbewo ƒe gbegbe,+ eye mana ame siwo toa afi ma yina gbɔna la nu natso. 8  Matsɔ wò ame tsiaʋawo ayɔ wò towo dzi keŋ; eye ame siwo tsi yi nu aɖo baba ɖe wò togbɛwo dzi, ɖe wò baliwo kple wò tɔʋewo katã me. 9  Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖikaa, eye ame maganɔ wò duwo me o;+ ne nàdze sii be, nyee nye Yehowa.’ 10  “Esi nèle gbɔgblɔm be, ‘Dukɔ eve siawo kple anyigba eve siawo azu tɔnye, eye míaxɔ wo kple evea siaa wòazu mía tɔ,’+ evɔ wònye Yehowa ŋutɔ le afi ma hafi, 11  eya ta Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, nye hã matu nu kpli wò ɖe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã si nèɖe fia le wò fuléle wo ta la ta;+ eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wò. 12  Eye nàdze sii be nye Yehowa ŋutɔ, mese gbɔɖiamenya siwo katã nègblɔ ɖe Israel towo ŋu be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.” 13  Mieƒo adegbe ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye, eye miedudu nyawo kɔ ɖi bababa ɖe ŋunye.+ Mese wo katã.’ 14  “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Anyigba blibo la atso aseye ne mena nèzu gbegbewo ƒe gbegbe. 15  Ale si ko nètso aseye esime Israel ƒe aƒe la ƒe domenyinu zu gbegbee la, nenema tututu mawɔ wò hãe.+ Oo, Seir tonuto, àzu gbegbe, ɛ̃, Edom+ blibo la azu gbegbe; ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.’”

Etenuŋɔŋlɔ