Ezekiel 31:1-18
-
Sederti dadala, Egipte ƒe anyidzedze (1-18)
31 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe gava nam be:
2 “Amegbetɔvi, gblɔ na Egipte-fia Farao kple eƒe ame gbogboawo katã,+ be:‘Ame kae de nuwò le gãnyenye me?
3 Asiriatɔ aɖe nɔ anyi, enɔ abe sederti le Lebanon ene,Eƒe alɔdzewo nya kpɔ, eye evu nyuie hedo vɔvɔli;Ekɔ eye eƒe ɖɔmee yi ɖatɔ alilikpowo.
4 Ekpɔ tsi geɖe eye wòtsi, tsidzɔƒewo na wòkɔ;
Tɔsisiwo ƒo xlãe le afi si wodoe ɖo,Eye tɔsisiawo ƒe alɔdzewo de gbemetiwo katã gbɔ.
5 Esia tae wòkɔ wu avemeti bubuawo katã ɖo.
Eɖe alɔ geɖe, eye eƒe alɔdzewo didi ɖe edzi,Elabena tsi geɖe le eƒe tɔʋuwo me.
6 Dziƒoxewo katã wɔa atɔ ɖe eƒe alɔwo me,Gbemelãwo katã dzia vi ɖe eƒe alɔdzewo te,Eye dukɔ gãwo katã nɔa eƒe vɔvɔli te.
7 Esi eƒe kewo yi to hede tsi geɖewo gbɔ ta la,Eƒe alɔdzewo didi, si na wònya kpɔ ale gbegbe.
8 Sederti bubu aɖeke mede enu le Mawu ƒe abɔ+ la me o.
Sesewuti aɖeke meɖe alɔ de etɔ nu o,Eye armonti aɖeke hã ƒe alɔdzewo mede enu o.
Ati siwo katã le Mawu ƒe abɔ la me ƒe nyonyo mede enu o.
9 Mewɔe wònya kpɔ, eƒe aŋgbawo sɔ gbɔ,Eye ati bubu siwo katã le Mawu vavã la ƒe abɔ Eden me la ʋã ŋui.’
10 “Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ* alea, eƒe ɖɔmee yi ɖatɔ alilikpowo, eye eƒe dzi de asi dada me le eƒe kɔkɔ ta la,
11 matsɔe ade asi na dziɖula sesẽ aɖe si le dukɔwo dzi ɖum.+ Atu nu kplii; magbe nu le egbɔ le eƒe vɔɖivɔ̃ɖi ta.
12 Amedzrowo, dukɔ sẽŋuta vɔ̃ɖiwo, alãe aƒu anyi, eye woagblẽe ɖe towo dzi, eƒe aŋgbawo adudu ɖe baliwo katã me, eye woaŋe eƒe alɔwo akɔ ɖe anyigba la ƒe tɔsisiwo katã me.+ Eye anyigbadzidukɔwo katã adzo le eƒe vɔvɔli te ahagblẽe ɖi.
13 Dziƒoxewo katã adze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã anɔ eƒe alɔwo dzi.+
14 Esia adzɔ be ati siwo katã le tɔwo to la dometɔ aɖeke nagakɔ ade dzi bobobo eye eƒe ɖɔmee natɔ alilikpowo azɔ o, eye ati siwo kpɔa tsi geɖe la dometɔ aɖeke nagakɔ ade dzi nenema o; elabena woatsɔ wo katã ade asi na ku ne woayi anyigba tume hekpe ɖe ame siwo yina aʋli* me la ŋu.’
15 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wòayi Tsiẽƒe* la, mana eteƒekpɔlawo naxa nu. Matsyɔ nu tsi goglowo dzi le eta, maxe mɔ na eƒe tɔsisiwo ne tsi geɖeawo nu natso. Mana Lebanon nado viviti le eta, eye gbemetiwo katã ayrɔ le eta.
16 Mana dukɔwo naʋuʋu le eƒe anyidzedze gbloo la ta, ne mena wòyi Tsiẽƒe* kpe ɖe ame siwo katã yina aʋli* me la ŋu; ale Eden tiwo katã,+ Lebanon ƒe ati tiatia nyuitɔwo, wo dometɔ siwo katã kpɔa tsi geɖe la, ƒe akɔ afa le anyigba tume.
17 Woawo hã woyi Tsiẽƒe* kpakplii; woyi ame siwo tsi yi nu+ la gbɔ hekpe ɖe edzidela* siwo nɔ eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome la ŋu.’+
18 “‘Eden tiwo dometɔ kae de nuwò le ŋutikɔkɔe kple gãnyenye me?+ Ke àyi anyigba tume kokoko kpe ɖe Eden tiwo ŋu. Àmlɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, le ame siwo tsi yi nu la gbɔ. Nu siae adzɔ ɖe Farao kple eƒe ame gbogboawo katã dzi,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Esi nèkɔ.”
^ Alo, “yɔdo.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “yɔdo.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe alɔ.”