Ezekiel 26:1-21
26 Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va nam be:
2 “Amegbetɔvi, esi Tiro gblɔ ɖe Yerusalem ŋu be,+ ‘Ehɛ̃! Wogbã dukɔwo ƒe agbo la!+ Azɔ ezu aƒedo, nu sia nu asu asinye, eye mazu kesinɔtɔ’ ta la,
3 ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, matso ɖe ŋuwò, Oo Tiro, eye mana dukɔ geɖewo naho ɖe ŋuwò, abe ale si ƒutsotsoewo honae ene.
4 Woagbã Tiro ƒe gliwo, woamu eƒe xɔ tsralawo aƒu anyi,+ makplɔ eƒe ke ƒiaƒiaƒia, eye mawɔe wòazu agakpe ƒeƒle.
5 Azu ɖɔsiaƒe le atsiaƒu titina.’+
“Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be, ‘Nyee gblɔe, eye azu nuhaha na dukɔwo.
6 Eƒe kɔƒeduwo* atsi yi nu, ne amewo nadze sii be, nyee nye Yehowa.’
7 “Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mekplɔ Babilon-fia Nebukadnezar,* fiawo ƒe fia+ tso dziehe gbɔna,+ hekpe ɖe sɔwo,+ aʋatasiaɖamwo,+ sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe ŋu, ɖe Tiro ŋu.
8 Awu wò kɔƒeduwo me tɔwo kple yi, aɖo dudzidzelawo ƒe gli ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu gã dzi ɖe ŋuwò.
9 Atsɔ eƒe gligbãnu atu wò gliwo, eye wòatsɔ eƒe fíawo agbã wò xɔ tsralawo aƒu anyi.
10 Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woƒe ʋuʋudedi abla wò kɔtɔɔ; eye sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si wogena ɖe du si ŋu wogbã gli le la me ene.
11 Eƒe sɔwo ƒe afɔ anya avuzi le wò kpɔdomeewo katã;+ atsɔ yi awu wò amewo, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi.
12 Woaha wò kesinɔnuwo, woalɔ wò adzɔnuwo,+ woamu wò gliwo, eye woagbã wò xɔ dzeaniawo; eye woalɔ wò kpewo, atiwo kple wò ke akɔ ɖe tsi la me.’
13 “‘Matsi wò hadzidziwo ƒe ɖiɖi nu, eye womagase wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o.+
14 Eye mana nàzu agakpe ƒeƒle kple ɖɔsiaƒe.+ Womagatso wò akpɔ o, elabena nye Yehowa ye ƒo nu,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.
15 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔ na Tiro ye nye esi: ‘Ne wò anyidzedze ɖi, eye kudɔƒolawo le ŋeŋem, eye wowu amewo le mewò la, ɖe ƒukpowo madzo nyanyanya oa?+
16 Eye ƒutamegãwo katã aɖi le woƒe ziwo dzi ahaɖe woƒe awudziwuiwo kple woƒe awu siwo me wolɔ̃ atsyã ɖo la ɖi, eye dzidzi aƒo wo. Woabɔbɔ nɔ anyigba anɔ ƒoƒom kpakpakpa ɣeawokatãɣi, eye woƒe nu aku woanɔ kpɔwòm gãa.+
17 Eye woadzi konyifaha+ ɖe ŋuwò agblɔ be:
“Aleke nuwò yi ale,+ wò, du si me ƒudzinɔlawo le, du si wokafuna;Wò kple mewònɔlawoe kpɔ ŋusẽ le atsiaƒu dzi,+Eye wò ŋɔdzi lé anyigbadzinɔlawo katã!
18 Ƒukpowo adzo kpekpekpe le wò anyidzegbe,Ƒukpo siwo le atsiaƒu me atɔtɔ ne nuwò yi.”’+
19 “Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne mewɔ wò aƒedoe, abe du siwo me ame aɖeke mele o ene, ne mekplɔ tsi dzeagbowo ƒu wò, eye tsi gãwo nyè tsyɔ wò la,+
20 matsɔ wò kple ame siwo yina aʋli me la siaa akpe ɖe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke la ŋu; mana nàyi aɖanɔ anyigba tume abe blemaƒedowo me ene hekpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu,+ ale be ame maganɔ mewò o. Ekema maɖo atsyɔ̃ na agbagbeawo ƒe anyigba.
21 “‘Mana wò nuwuwu nadzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.+ Woadi wò, ke womagakpɔ wò akpɔ gbeɖe o,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Vianyɔnuwo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.