Ezekiel 24:1-27

  • Yerusalem le abe nuɖaze si lé ɣebia ene (1-14)

  • Ezekiel srɔ̃ ƒe ku nye dzesi (15-27)

24  Yehowa ƒe gbe gava nam le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be: 2  “Amegbetɔvi, de dzesi ŋkeke sia nàŋlɔe ɖi,* ŋkeke sia tututu. Ŋkeke sia tututu dzie Babilon-fia va dze Yerusalem dzi.+ 3  Do lo* na ƒome dzeaglã sia, eye nàgblɔ le wo ŋu be: “‘Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: “Tsɔ nuɖaze la* ɖo dzo dzi; tsɔe ɖo dzo dzi eye nàkɔ tsi ɖe eme.+  4  Fɔ lãkɔwo,+ lãkɔ nyuiawo katã,Ata kple abɔgba, de eme; fɔ ƒu nyuitɔwo de eme wòayɔ.  5  Lé alẽ nyuitɔ,+ eye nàde nake zea te godoo va kpe. Ða lãkɔawo kple ƒuawo le eme wòabi.”’ 6  “Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Baba na du si kɔa ʋu ɖi,+ nuɖaze, si lé ɣebia, eye ɣebia la meɖe le eŋu o! Ðe lãkɔawo le eme ɖekaɖeka;+ mègadzidze nu ɖe wo dzi hafi o.  7  Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le eme;+ ekɔe ɖe agakpe ƒeƒle aɖe dzi. Mekɔe ɖe anyigba ne wòaxe ke ɖe edzi o.+  8  Be mana nye dziku nafla ne mabia hlɔ̃e ta la,Megblẽ ʋu si wòkɔ ɖi la ɖe agakpe ƒeƒle zɔzrɔ̃e la dzi,Ne woagatsyɔ nu edzi o.’+ 9  “Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Baba na du si kɔa ʋu ɖi la!+ Mali kɔ nakea ɖi gleglegle. 10  Fɔ nakeawo de ete, eye nàdo dzoa,Ða lãa wòabi nyuie, trɔ detsia le eŋu, eye nàna ƒuawo nafiã azu aka. 11  Ðo ze ƒuƒlu la dzoa dzi wòaxɔ dzo gbãgbãgbã,Ne eƒe akɔbli la nabiã hẽe. Eƒe nu makɔmakɔ nalólo le eme+ ne eƒe ɣebia nafiã. 12  Ena dzi ɖe le ame ƒo, eye wòte ɖeɖi ame ŋu,Elabena eƒe ɣebia gbogboawo gbe dodo le eŋu.+ Tsɔ wo kple eƒe ɣebia ƒu gbe ɖe dzo me!’ 13  “‘Wò ŋukpenanuwɔwɔ gbɔe wò makɔmakɔnyenye tso.+ Medze agbagba be mana ŋuwò nakɔ tso wò nuwɔna makɔmakɔwo me, gake ŋuwò gbe kɔkɔ. Ŋuwò makɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe nu fa ɖe ŋuwò.+ 14  Nye Yehowa ye gblɔe. Ava eme. Mawɔe godoo, nyemakpɔ nublanui o, eye ewɔwɔ mavem o.+ Woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawo nu,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.” 15  Eye Yehowa ƒe gbe gava nam be: 16  “Amegbetɔvi, mele ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la ɖe ge ɖa kpata.+ Mègafa konyi* alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o. 17  Ðe hũ, gake mègaƒo nu o. Mègawɔ kukɔnu aɖeke ɖe ame kuku ta o.+ Tsɔ wò tablanu bla ta,+ eye nàdo wò afɔkpa.+ Mègatsyɔ nu nutage dzi o,+ eye mègaɖu nu si amewo tsɔ vɛ na wò la o.”*+ 18  Meƒo nu kple dukɔ la le ŋdi, eye srɔ̃nye ku le fiẽ. Eya ta mewɔ le ŋdi abe ale si tututu wòde se nam ene. 19  Eye dukɔ la biam be: “Mèle ale si wò nuwɔna siawo ka míi la gblɔ ge na mí oa?” 20  Eye meɖo eŋu na wo be: “Yehowa ƒe gbe va nam be, 21  ‘Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be: “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi, ‘Magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe,+ si nye wò adegbeƒonu vevi, nu si gbɔ mèlɔ̃a nu le o kple nu si nye wò dzi ƒe didi* la. Mia viŋutsu kple mia vinyɔnu siwo miegblẽ ɖi la atsi yi nu.+ 22  Eye miawɔ abe ale si tututu mewɔ ene. Miatsyɔ nu nutage dzi o, eye miaɖu nu si amewo tsɔ vɛ na mi o.+ 23  Miaƒe tablanu anɔ ta na mi, eye miaƒe afɔkpawo anɔ afɔ na mi. Miaxa nu loo alo afa avi o. Ke boŋ miaɖi ku glaŋglaŋ le miaƒe vodadawo ta,+ eye miaɖe hũ le mia nɔewo dome. 24  Ezekiel zu dzesi na mi.+ Ale si tututu wòwɔ la, nenemae miawɔ. Ne eva eme la, miadze sii be nyee nye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa.’”’” 25  “Amegbetɔvi, gbe si gbe maɖe woƒe mɔ́ sesẽ, nu si nya kpɔna na wo, nu si gbɔ womelɔ̃a nu le o, woƒe dzi* ƒe didi, kpakple wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ɖa la,+ 26  sisila aɖe ava gblɔ eŋunya na wò.+ 27  Gbe ma gbe la, àke nu aƒo nu kple sisila la, eye màgazi ɖoɖoe azɔ o.+ Àzu dzesi na wo, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nàŋlɔ ŋkeke sia ƒe ŋkɔ ɖi.”
Alo, “Bu abe.”
Alo, “nuɖaze si ƒe nu keke.”
Alo, “Mègaƒo akɔta.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mègaɖu amewo ƒe abolo o.”
Alo, “nu si ŋu wò luʋɔ sea veve ɖo.”
Alo, “luʋɔ.”