Amos 2:1-16
2 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Moab+ ƒe aglãdzenuwɔna* etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena etsɔ Edom-fiawo ƒe ƒuwo mè akaloe.
2 Eya ta maɖo dzo ɖe Moab,Ne wòafiã Keriot ƒe mɔ́ sesẽwo;+Moab aku le zitɔtɔ me,Ne aʋaɣli ɖi, eye kpẽ ɖi.+
3 Maɖe dziɖula* la ɖa le eme,Eye mawu eya kple eƒe amegãwo katã,”+ Yehowa ye gblɔe.’
4 Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘Le Yuda+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wogbe Yehowa ƒe se* la,Eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o;+Ke boŋ alakpa siwo yome wo tɔgbuiwo dze la kplɔ wo trae.+
5 Eya ta maɖo dzo ɖe Yuda,Ne wòafiã Yerusalem ƒe mɔ́ sesẽwo.’+
6 Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘Le Israel+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wotsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta,Eye wotsɔ ame dahe dzra ɖe afɔkpa dodo ɖeka ta.+
7 Wotea ame dahewo ƒe ta ɖe to,+Eye woxea mɔ na ame tsɛwo.+
Ame kple fofoa de ɖetugbui ɖeka gbɔ,Ne woaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.
8 Wodra ɖe avɔ siwo woxɔ awɔbae+ la dzi le vɔsamlekpui+ ɖe sia ɖe gbɔ;Eye wonoa agɔdzeha si woxɔ le amewo si le woƒe mawuwo ƒe me.’*
9 ‘Evɔ nyee tsrɔ̃ Amoritɔ la,+Si kɔ abe sederti ene, eye wòsesẽ abe logoti ene la gbidigbidi le wo ta hafi;Metsrɔ̃ eƒe tsetse le dzi kple eƒe ke le to me.+
10 Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi,+Eye mena miezɔ gbea dzi ƒe blaene,+Ne miaxɔ Amoritɔ la ƒe anyigba wòazu mia tɔ.
11 Eye meɖo mia viŋutsu aɖewo nyagblɔɖilawo+Kple miaƒe ɖekakpui aɖewo Naziritɔwoe.+
Oo Israel-viwo, menye alea wòle oa?’ Yehowa ye gblɔe.
12 ‘Ke mienaa wain Naziritɔwo be woano,+Eye miede se na nyagblɔɖilawo be: “Migagblɔ nya ɖi o.”+
13 Eya ta magbã mi gudugudu ɖe mia nɔƒe,Abe ale si tasiaɖam si wodo nukugba na gbãa nu le ete gudugudui ene.
14 Ame ɖeablɛ makpɔ afi aɖeke asi ayi o,+Ŋusẽ avɔ le ŋusẽtɔ ŋu,Eye aʋawɔla maɖe eƒe agbe* o.
15 Aŋutrɔdala manɔ te o,Afɔ ɖeablɛtɔ masi o,Eye sɔdola maɖe eƒe agbe* o.
16 Eye ame si ƒo dzi le le aʋawɔlawo dome gɔ̃ hãAsi amamae gbe ma gbe,’+ Yehowa ye gblɔe.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “nu vlo wɔwɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃la.”
^ Alo, “nufiafia.”
^ Alo, “trɔ̃xɔ me.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “luʋɔ.”