5 Mose 9:1-29

  • Nu si tae wotsɔ anyigba la na Israel (1-6)

  • Israel do dziku na Yehowa zi ene (7-29)

    • Sikanyivi la (7-14)

    • Mose ɖe kuku ɖe dukɔa ta (15-21,25-29)

    • Wogado dziku na Yehowa zi etɔ̃ (22)

9  “Israel, see, èle Yordan+ tso ge egbea ne nàyi aɖaxɔ dukɔ siwo lolo, eye wosesẽ wu wò la ƒe anyigba,+ eye nàxɔ du siwo lolo, eye wo ŋu gliwo sesẽ heɖatɔ dziƒo,*+ 2  dukɔ gã si me tɔwo dzɔ atsu, siwo nye Anakitɔwo,+ ame siwo ŋu nya wò ŋutɔ nènya, eye nèse wogblɔ le wo ŋu be: ‘Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe Anak viwo nu?’ 3  Eya ta nyae nyuie egbea be Yehowa wò Mawu adze ŋgɔwò ayi tɔa godo.+ Dzo si fiãa nu wònye,+ eye atsrɔ̃ wo gbidii. Abɔbɔ wo ɖe anyi le ŋgɔwò, eye ànya wo ɖa* kaba ahatsrɔ̃ wo, abe ale si Yehowa do ŋugbe na wò ene.+ 4  “Ne Yehowa wò Mawu nya wo ɖa le ŋgɔwò la, mègagblɔ le wò dzi me be: ‘Nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tae Yehowa kplɔm vɛ, be maxɔ anyigba sia wòazu tɔnye’ o,+ evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae+ Yehowa le wo nyam le ŋgɔwò ɖo hafi. 5  Menye esi nènye ame dzɔdzɔe eye wò dzi me kɔ tae nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòazu tɔwò o. Ke boŋ dukɔ siawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae Yehowa wò Mawu le wo nyam le ŋgɔwò ɖo,+ ne Yehowa nawɔ nya si wòka atam gblɔ na tɔgbuiwòwo, Abraham,+ Isak+ kple Yakob+ la dzi. 6  Eya ta nyae be, menye wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ tae Yehowa wò Mawu tsɔ anyigba nyui sia le nawòm, be nàxɔe wòazu tɔwò ɖo o, elabena dukɔ sẽdzime* nènye.+ 7  “Ðo ŋku edzi: Mègaŋlɔ ale si nèdo dziku na Yehowa wò Mawu le gbea dzi la be gbeɖe o.+ Miedze aglã ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe mieʋu tso Egipte-nyigba dzi va se ɖe esime mieva teƒe sia.+ 8  Miedo dziku na Yehowa le Horeb gɔ̃ hã, eye Yehowa do dziku ɖe mia ŋu ale gbegbe be wòdi be yeatsrɔ̃ mi gbidii.+ 9  Esi melia to la be maxɔ kpe gbadzɛawo,+ nu, si Yehowa bla kpli mi la ƒe kpe gbadzɛawo,+ eye menɔ toa dzi ŋkeke blaene kple zã blaene+ la, nyemeɖu nu alo no tsi o. 10  Eye Yehowa tsɔ kpe gbadzɛ eveawo, esiwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam, eye nya siwo katã Yehowa gblɔ na mi le toa gbɔ tso dzo me le takpegbe* la, le wo dzi.+ 11  Eye le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe gbadzɛ eveawo, siwo nye nubabla ƒe kpe gbadzɛawo nam, 12  eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Tso, ɖi tso afi sia kaba, elabena wò dukɔ si nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la wɔ nu tovo.+ Wotrɔ ɖa kaba tso mɔ si meɖo na wo la dzi. Wowɔ galegba* na wo ɖokui.’+ 13  Eye Yehowa gagblɔ nam be: ‘Mekpɔ dukɔ sia, eye kpɔ ɖa, dukɔ sẽdzime* wònye.+ 14  Ðe asi le ŋunye ne matsrɔ̃ wo gbidii, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò nàzu dukɔ, si asẽ ŋu eye wòasɔ gbɔ wu wo.’+ 15  “Emegbe metrɔ heɖi tso to la dzi, esime to la le bibim;+ eye melé nubabla ƒe kpe gbadzɛ eveawo ɖe nye asi eveawo.+ 16  Eye kpɔ ɖa, miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu! Mietsɔ ga* wɔ nyivi na mia ɖokui. Mietrɔ ɖa kaba tso mɔ si Yehowa ɖo na mi la dzi.+ 17  Eye metsɔ kpe gbadzɛ eve siwo le nye asi eveawo la xlã ɖe anyi wogbã le mia ŋkume.+ 18  Eye metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene abe tsã ene. Nyemeɖu nu alo no tsi o,+ le nu vɔ̃ siwo katã miewɔ esi miewɔ nu vɔ̃ɖi le Yehowa ŋkume tsɔ do dziku nɛ ta. 19  Elabena dziku helĩhelĩ si Yehowa do ɖe mia ŋu,+ be yeatsrɔ̃ mi gbidii la dzi ŋɔ nam. Ke Yehowa ɖo tom ɣemaɣi hã.+ 20  “Dzi ku Yehowa ɖe Aron hã ŋu ŋutɔ, eye wòdi be yeatsrɔ̃e hafi,+ ke meƒo koko ɖe Aron hã ta ɣemaɣi. 21  Eye metsɔ nyivi,+ si nye nu vɔ̃ miewɔ la, de dzo me, megbãe hetui va se ɖe esime wòme biɖibiɖi abe ʋuʋudedi ene; emegbe melɔe kɔ ɖe tɔ si si tso toa dzi la me.+ 22  “Miegado dziku na Yehowa le Tabera,+ Masa+ kple Kibrot-Hataava.+ 23  Esi Yehowa dɔ mi tso Kades-Barnea+ gblɔ be, ‘Miyi ne miaxɔ anyigba si matsɔ ana mi wòazu mia tɔ!’ la, miegadze aglã ɖe Yehowa mia Mawu ƒe sedede la ŋu,+ miexɔ eya amea dzi se o,+ eye mieɖo toe o. 24  Tso gbe si gbe menya mi la, aglã ko dzem miele ɖe Yehowa ŋu. 25  “Eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene;+ esi Yehowa gblɔ be yeatsrɔ̃ mi tae metsyɔ mo anyi alea ɖo. 26  Eye meƒo koko na Yehowa be: “Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, mègatsrɔ̃ wò dukɔ la o. Wò ŋutɔ wò nunɔamesie* wonye,+ ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ gã ɖe, eye nètsɔ asi sesẽ kplɔ tso Egipte.+ 27  Ðo ŋku wò subɔla Abraham, Isak kple Yakob dzi.+ Ðe kɔ ɖa le dukɔ sia ƒe dzimesesẽ kple woƒe vɔɖivɔ̃ɖi kpakple woƒe nu vɔ̃ la ŋu.+ 28  Ne menye nenema o la, anyigba si dzi nèkplɔ mí tsoe la dzi nɔlawo agblɔ be: “Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ŋugbe wòdo na wo la dzi o, eye esi wòlé fu wo tae wòkplɔ wo dzoe be yeawu wo le gbea dzi.”+ 29  Elabena wò dukɔ kple wò ŋutɔ wò nunɔamesi*+ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ si nèdo ɖa kplɔ lae wonye.’+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, du siwo ŋu woɖo gli kɔkɔwo ɖo.
Alo, “àxɔ woƒe anyigba.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kɔlialiatɔ.”
Alo, “ŋkeke si ha la kpe ta.”
Alo, “wolólo ga kɔ̀ legba.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kɔlialiatɔ.”
Alo, “Mielólo ga.”
Alo, “wò domenyinu.”
Alo, “wò domenyinu.”