4 Mose 34:1-29

  • Kanaan ƒe liƒowo (1-15)

  • Ŋutsu siwo ama anyigba la (16-29)

34  Eye Yehowa gagblɔ na Mose be:  “Gblɔ na Israel-viwo be, ‘Ne mieva ɖo Kanaan-nyigba+ dzi la, esiae anye anyigba si dome mianyi le Kanaan la ƒe liƒowo.+  “‘Le anyiehe gome la, liƒoa natso Zin gbedzi ato Edom ŋu, eye miaƒe anyieheliƒo la natso Dzeƒu* la ƒe mlɔenu le ɣedzeƒe gome.+  Miaƒe liƒo la nagɔdɔ̃ tso Akrabim todzimɔ+ la ƒe anyiehe ayi Zin, eye wòava se Kades-Barnea+ ƒe anyiehe; eye wòaɖo ta Hazar-Adar+ ava do ɖe Azmon.  Liƒo la nagɔdɔ̃ le Azmon aɖo ta Egipte-tɔʋu la nu, eye eƒe seƒe nanye Atsiaƒu la nu.+  “‘Le ɣetoɖoƒe gome la, Ƒu Gã* la kple ƒutanyigba la nado liƒo na mi. Esiae anye miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo.+  “‘Ke esiae anye miaƒe dzieheliƒo: Miaɖe liƒo la tso Ƒu Gã la nu ava ɖo Hor To la gbɔ.  Miaɖe liƒo tso Hor To la gbɔ ayi Lebo-Hamat,*+ eye liƒo la nava se Zedad.+  Liƒo la naɖo ta Zifron, eye eƒe seƒe nanye Hazar-Enan.+ Esiae anye miaƒe dzieheliƒo. 10  “‘Azɔ miaɖe liƒo ɖe ɣedzeƒe tso Hazar-Enan ayi Sefam. 11  Liƒo la natso Sefam ato Ribla si le Ayin ƒe ɣedzeƒe, eye liƒo la nazɔ to Kineret Ƒu*+ la ƒe ɣedzeƒekpa dzi. 12  Liƒo la nayi Yordan nu, eye eƒe seƒe nanye Dzeƒu+ la. Esiae anye miaƒe anyigba+ la ƒe liƒowo godoo va kpe.’” 13  Eya ta Mose gblɔ na Israel-viwo be: “Esiae nye anyigba si dzi miadzidze nu+ ɖo ama wòazu mia tɔ, abe ale si tututu Yehowa de se be woatsɔe ana to asieke kple afã la ene. 14  Elabena Ruben-to la kple Gad-to la kpakple Manase-toa ƒe afã la xɔ woƒe domenyinu+ xoxo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. 15  To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu xoxo ɖe Yordan ƒe ɣedzeƒe gome le Yeriko gbɔ.”+ 16  Yehowa gagblɔ na Mose be: 17  “Ŋutsu siwo ama anyigba la na mi wòazu mia tɔ la ƒe ŋkɔwoe nye esi: Nunɔla Eleazar+ kple Yosua,+ Nun vi. 18  Azɔ hã, miaɖe amegã ɖeka tso to sia to me be woama anyigba la.+ 19  Ŋutsuawo ƒe ŋkɔwoe nye esi: Kaleb,+ Yefune vi tso Yuda-to+ la me; 20  Semuel, Amihud vi tso Simeon-to+ la me; 21  Elidad, Kislom vi tso Benyamin-to+ la me; 22  amegã Buki, Yogli vi, tso Dan-to+ la me; 23  Amegã siwo le Yosef+ viwo nue nye amegã Haniel, Efod vi, tso Manase-to+ la me; 24  kple amegã Kemuel, Siftan vi, tso Efrayim-to+ la me; 25  amegã Elizafan, Parnak vi, tso Zebulon-to+ la me; 26  amegã Paltiel, Azan vi, tso Isakar-to+ la me; 27  amegã Ahihud, Selomi vi, tso Aser-to+ la me; 28  amegã Pedahel, Amihud vi, tso Naftali-to+ la me.” 29  Ame siawoe Yehowa de se na be woama anyigba la na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, Ƒukuku.
Efia, Domeƒu.
Alo, “Hamat ƒe dodonu.”
Efia, Genezaret-ta, alo Galilea-ƒu.