4 Mose 10:1-36

  • Klosalokpẽawo (1-10)

  • Israel-viwo ho tso Sinai (11-13)

  • Ðoɖo si nu woaho ɖo (14-28)

  • Wobia tso Hobab si be wòafia mɔ Israel-viwo (29-34)

  • Nya si Mose gblɔna ne dukɔ la aho (35, 36)

10  Yehowa gblɔ na Mose be: 2  “Tsɔ klosalo tu kpẽ+ eve na ɖokuiwò. Woawoe nàku atsɔ aƒo ha la nu ƒu, eye woawoe nàku atsɔ ana asaɖaawo naho. 3  Ne woku evea siaa la, ekema ha blibo la katã nava ƒo ƒu ɖe gbɔwò le takpegbadɔa nu.+ 4  Ne ɖeka ko woku la, ekema Israel ƒe ame akpeawo ƒe tatɔwo nava ƒo ƒu ɖe gbɔwò.+ 5  “Ne mieku kpẽa eƒe ɖiɖime le tatata la, ekema ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe+ gome la naho. 6  Eye ne miegaku kpẽa eƒe ɖiɖime le tatata zi evelia la, ekema ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe+ gome la naho. Ɣesiaɣi si wo dometɔ aɖe aho la, woaku kpẽa alea. 7  “Ke ne miele ha la yɔm be woava kpe ta la, miaku kpẽa,+ ke migana eƒe ɖiɖime nanɔ tatata o. 8  Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo naku kpẽawo,+ eye wo kuku alea nanye ɖoɖo na mi le miaƒe dzidzimewo katã me. 9  “Ne mieho aʋa le miaƒe anyigba dzi ɖe futɔ aɖe si le fu wɔm mi ŋu la, ekema miaku kpẽawo atsɔ ayɔ amewo na aʋa,+ eye Yehowa mia Mawu la atrɔ susu ɖe mia ŋu, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me. 10  “Miku kpẽawo le miaƒe aseyetsoɣiwo+—miaƒe azãɖuɣiwo+ le dzinu yeyewo dzi—ne miele miaƒe numevɔwo+ kple ŋutifafavɔwo+ sam; eye esia anye ŋkuɖodzi na mi le mia Mawu ŋkume. Nyee nye Yehowa mia Mawu.”+ 11  Le ƒe evelia me, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia+ dzi la, alilikpo la ho le agbadɔ si me Ðaseɖiɖiɖakaa+ le la tame. 12  Eye Israel-viwo ho le Sinai gbedzi le ɖoɖo si wofia wo la nu,+ eye alilikpoa va tɔ ɖe Paran gbedzi.+ 13  Esiae nye zi gbãtɔ si woho ɖe ɖoɖo si Yehowa fia wo to Mose dzi la nu.+ 14  Ale Yuda ƒe asaɖa la ƒe to etɔ̃ ƒokpli la ƒe hatsotsowo* ho gbã, eye Nahason,+ Aminadab vi le ameha siawo nu. 15  Netanel,+ Zuar vi le Isakar-to la ƒe ameha la nu. 16  Eye Eliab,+ Helon vi le Zebulon-to la ƒe ameha la nu. 17  Esi wokaka avɔgbadɔa+ la, Gerson viwo+ kple Merari viwo,+ ame siwo nye avɔgbadɔa tsɔlawo la ho. 18  Eyome Ruben ƒe asaɖa la ƒe to etɔ̃ ƒokpli la ƒe hatsotsowo* ho, eye Elizur,+ Sedeur vi le ameha siawo nu. 19  Selumiel,+ Zurisadai vi le Simeon-to la ƒe ameha la nu. 20  Eye Eliyasaf,+ Deuel vi le Gad-to la ƒe ameha la nu. 21  Emegbe Kohat viwo, ame siwo nye nu kɔkɔeawo tsɔlawo la ho.+ Ele be woatu avɔgbadɔ la vɔ hafi woawo nava ɖo. 22  Eye Efrayim ƒe asaɖa la ƒe to etɔ̃ ƒokpli la ƒe hatsotsowo* ho, eye Elisama,+ Amihud vi le ameha siawo nu. 23  Gamaliel,+ Pedahzur vi le Manase-to la ƒe ameha la nu. 24  Eye Abidan,+ Gideoni vi le Benyamin-to la ƒe ameha la nu. 25  Eyome Dan ƒe asaɖa la ƒe to etɔ̃ ƒokpli la ƒe hatsotsowo* ho be woanye megbexeawo na asaɖawo katã, eye Ahiezer,+ Amisadai vi le Dan viwo ƒe ameha la nu. 26  Pagiel,+ Okran vi le Aser-to la ƒe ameha la nu. 27  Eye Ahira,+ Enan vi le Naftali-to la ƒe ameha la nu. 28  Ðoɖo sia nue Israel-viwo ƒe hatsotsowo* hona ɖo le woƒe mɔzɔzɔwo me.+ 29  Azɔ Mose gblɔ na toa Midiantɔ Reuel*+ ƒe vi Hobab be: “Míeho yina teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔe ana mi’+ la. Yi kpli mí,+ eye míawɔ nyui na wò, elabena Yehowa do ŋugbe be yeawɔ nyui na Israel.”+ 30  Ke eɖo eŋu nɛ be: “Nyemayi kpli mi o, ke boŋ mayi nye dukɔ kple ƒonyemeawo gbɔ.” 31  Eye wògblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, mègagblẽ mí ɖi o, elabena ènya afi si míate ŋu aƒu asaɖa anyi ɖo le gbea dzi, eye àte ŋu afia mɔ mí.* 32  Ne èyi kpli mí la,+ ekema míawo hã míawɔ nyui na wò abe ale si Yehowa awɔ nyui na míi la ene.” 33  Ale woho tso Yehowa ƒe to+ la gbɔ hezɔ mɔ ŋkeke etɔ̃, eye wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka+ la dze wo ŋgɔ hezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ, be wòadi gbɔɖemeƒe na wo.+ 34  Ne woho la, Yehowa ƒe alilikpo+ la nɔa wo tame le ŋkeke me. 35  Ne Aɖaka la ho la, Mose gblɔna be: “Oo Yehowa, tso,+ ne wò futɔwo naka hlẽ, eye ame siwo lé fu wò la nasi le ŋgɔwò.” 36  Eye ne wodroe ɖi la, egblɔna be: “Oo Yehowa, trɔ gbɔ va Israel ƒe ame akpeakpeawo dome.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Efia, Yetro.
Alo, “àte ŋu anye ŋku na mí.”