3 Mose 7:1-38

  • Vɔsawo ŋuti mɔfiamewo (1-21)

    • Fɔɖivɔsa (1-10)

    • Ŋutifafavɔsa (11-21)

  • Wode se ɖe ami alo ʋu ɖuɖu nu (22-27)

  • Nunɔlawo ƒe gome (28-36)

  • Vɔsawo ŋu nyawo ta ƒoƒo (37, 38)

7  “‘Esiae nye fɔɖivɔsa ŋuti se:+ Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye. 2  Teƒe si wowua numevɔsalã le la, teƒe ma kee woawu fɔɖivɔsalã hã ɖo, eye woahlẽ eƒe ʋua+ ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu.+ 3  Ke woatsɔ eƒe amiawo katã,+ asike dami la, ami si tsyɔ dɔkaviawo dzi, 4  ayiku eveawo kple ami siwo le wo ŋu le alia gbɔ asa vɔe. Eye wòaɖe ami si le aklã ŋu kpe ɖe ayikuawo ŋu hã.+ 5  Eye nunɔla la natsɔ wo ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi wòanye dzovɔsa na Yehowa.+ Fɔɖivɔsa wònye. 6  Ŋutsu sia ŋutsu si nye nunɔla la kpɔ mɔ aɖui,+ teƒe kɔkɔe lae woaɖui le. Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.+ 7  Se si le nuvɔ̃vɔsaa ŋu la kee anɔ fɔɖivɔsa la hã ŋu; anye nunɔla si tsɔe lé avui la tɔ.+ 8  “‘Ne nunɔla sa numevɔ na ame aɖe la, ekema numevɔsalã si wòtsɔ va nunɔlaa gbɔ la ƒe agbalẽ+ anye nunɔla la tɔ. 9  “‘Nuɖuvɔsa siwo katã womè le kpo me kple esiwo katã woɖa le ze me kple nutɔgba me+ la nye nunɔla si tsɔe sa vɔe la tɔ. Azu etɔ.+ 10  Ke woama nuɖuvɔsa siwo woblu kple ami+ alo esiwo womede amii o+ la na Aron viŋutsuwo; wo katã woamae sɔsɔe. 11  “Ke esiae nye ŋutifafavɔ+ si ame aɖe asa na Yehowa la ŋuti se: 12  Ne akpedavɔe+ wòdi be yeasa la, ekema wòatsɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo kotoe siwo wode amii, kple amɔwɔ maʋamaʋã kpɔnɔ siwo dzi wosisi ami ɖo, kpakple wɔ memee si wodzaba kple ami nyuie ƒe abolo kotoe akpe ɖe akpedavɔsalãa ŋu. 13  Eye wòatsɔ abolo kotoe siwo wotsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ kple eƒe ŋutifafavɔsalã siwo wòtsɔ vɛ be woanye akpedavɔsa la akpe ɖe eƒe nunana la ŋu vɛ. 14  Eye wòaɖe ɖeka le eƒe nunana ɖe sia ɖe ŋu vɛ wòanye gome kɔkɔe na Yehowa; azu nunɔla si hlẽ ŋutifafavɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ŋu la tɔ.+ 15  Woaɖu eƒe ŋutifafavɔsalã siwo wòtsɔ sa akpedavɔe la le gbe si gbe wòsa vɔ la. Megagblẽ eƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o.+ 16  “‘Ke ne nu si wòtsɔ va vɔ sa ge la nye adzɔgbeɖenunana+ alo lɔlɔ̃nu faa nunana+ la, ekema woaɖui le gbe si gbe wòsa vɔa, eye woate ŋu aɖu esi tsi anyi ŋu ke ɖe edzi hã. 17  Vɔsalã, si tsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe.+ 18  Ne woɖu eƒe ŋutifafavɔsalã ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ekema womaxɔe na ame si tsɔe sa vɔ la o. Womabui nɛ o; nu makɔmakɔ wònye, eye ame* si ɖu eƒe ɖe la, woabia akɔntae le vo si wòda la ŋuti.+ 19  Womaɖu lã si ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu la o. Woatɔ dzoe. Ame sia ame si ŋu kɔ la ate ŋu aɖu lã si ŋu kɔ la. 20  “‘Ame* si ŋu mekɔ o, gake wòɖu ŋutifafavɔsalã si nye Yehowa tɔ la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔmeviwo dome.+ 21  Eye ne ame* aɖe ŋuti ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu, eɖanye ame ƒe nu makɔmakɔ+ aɖe alo lã makɔmakɔ+ aɖe alo nu makɔmakɔ nyɔŋu+ aɖe o, eye wòɖu ŋutifafavɔsalã si nye Yehowa tɔ la ƒe ɖe la, woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le eƒe dukɔmeviwo dome.’” 22  Eye Yehowa gagblɔ na Mose be: 23  “Gblɔ na Israel-viwo be: ‘Migaɖu nyi alo alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami aɖeke o.+ 24  Miate ŋu azã lã si ku le eɖokui si alo lã si lã bubu aɖe wu la ƒe ami na nu bubu ɖe sia ɖe wɔwɔ, gake migaɖui gbeɖegbeɖe o.+ 25  Ame sia ame si aɖu lã si wòtsɔ sa dzovɔ na Yehowa ƒe ami la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔmeviwo dome. 26  “‘Migaɖu ʋu aɖeke+ le mia nɔƒewo katã o, eɖanye xe alo lã tɔ o. 27  Ame* si aɖu ʋu la, woatsrɔ̃e ɖa+ le eƒe dukɔmeviwo dome.’” 28  Yehowa gagblɔ na Mose be: 29  “Gblɔ na Israel-viwo be: ‘Ame si sa ŋutifafavɔ na Yehowa la natsɔ eƒe ŋutifafavɔsalã la ƒe ɖe vɛ na Yehowa.+ 30  Eya ŋutɔ natsɔ vɔsalã la ƒe ami+ kple eƒe akɔ la ava sa dzovɔ na Yehowa, eye wòanyè ami la kple akɔ la le Yehowa ŋkume, wòanye vɔsa si wonyè.+ 31  Nunɔla la natsɔ ami la ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi,+ gake akɔa ya nanye Aron kple viaŋutsuwo tɔ.+ 32  “‘Eye miatsɔ miaƒe ŋutifafavɔsalãwo ƒe ɖusita ana nunɔla la wòanye eƒe gome kɔkɔe.+ 33  Ðusita la anye Aron viŋutsu si tsɔ ŋutifafavɔsalã ƒe ʋu kple ami sa vɔe la tɔ.+ 34  Elabena mexɔ akɔ si nye vɔsa si woanyè la kple ɖusita si nye gome kɔkɔe la tso Israel-viwo ƒe ŋutifafavɔsawo me tsɔ na nunɔla Aron kple viaŋutsuwo, be wòanye ɖoɖo mavɔ na Israel-viwo.+ 35  “‘Esiae nye nunɔlawo ƒe gome, si Aron kple viaŋutsuwo axɔ le Yehowa ƒe dzovɔsawo me le gbe si gbe woɖo wo be woawɔ nunɔladɔ na Yehowa.+ 36  Yehowa de se be woaxɔ gome sia le Israel-viwo si na wo le gbe si gbe woasi ami na wo.+ Ðoɖo mavɔ wònye na woƒe dzidzimewo.’” 37  Esiae nye numevɔsa,+ nuɖuvɔsa,+ nuvɔ̃vɔsa,+ fɔɖivɔsa,+ ameɖovɔsa+ kple ŋutifafavɔsa+ ŋuti se, 38  abe ale si tututu Yehowa de se na Mose le Sinai To+ la dzi le gbe si gbe wòde se na Israel-viwo be woatsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le Sinai gbedzi la ene.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”