2 Samuel 19:1-43

  • David fa Absalom (1-4)

  • Yoab ka mo na David (5-8a)

  • David trɔ yi Yerusalem (8b-15)

  • Simei bia tsɔtsɔke (16-23)

  • Mefiboset meɖi fɔ o (24-30)

  • Woɖo eteƒe na Barzilai (31-40)

  • Nyaʋiʋli ɖo Israel-toawo dome (41-43)

19  Wova gblɔ na Yoab be: “Fia la le avi fam, eye wòle konyi fam le Absalom ta.”+  Ale dziɖuɖu* la trɔ zu konyifafa na dukɔ blibo la gbe ma gbe, esi wose be: “Fia la le nu xam le via ta.  Eye ameawo to nuxanuxa gbɔ va dua me+ gbe ma gbe, abe ame siwo si le aʋa nu wònye ŋukpe na wo la ene.  Fia la tsyɔ nu ŋkume hele avi fam sesĩe be: “Vinye Absalom! Vinye Absalom, vinye!”+  Eye Yoab va fia la gbɔ le aƒea me va gblɔ nɛ be: “Èna ŋukpe lé wò dɔlawo katã egbea, ame siwo xɔ wò ɖe agbe,* ame siwo xɔ viwòŋutsuwo,+ viwònyɔnuwo,+ srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo ɖe agbe.*+  Èlɔ̃ ame siwo lé fu wò, eye nèlé fu ame siwo lɔ̃ wò, elabena èɖee fia egbea be amegãwo kple dɔlawo meɖi naneke na wò o, elabena mekpɔe dze sii nyuie egbea be, ne ɖe Absalom le agbe egbea, eye mí ame susɔawo katã míeku la, anye ne enyo ŋuwò.  Eya ta tso nàdo ayi, eye nàfa dzi na wò dɔlawo, elabena metà Yehowa be ne mèdo yi o la, ame aɖeke matsi gbɔwò le zã sia me o. Eye esia avɔ̃ɖi na wò wu vɔ̃ siwo katã dzɔ ɖe dziwò tso wò ɖekakpuime va se ɖe fifi.”  Eya ta fia la tso va bɔbɔ nɔ dugbo la nu, eye wogblɔ na ameawo katã be: “Fia va bɔbɔ nɔ dugbo la nu.” Eye ameawo katã va fia la ŋkume. Ke Israel ŋutsuawo ya dometɔ ɖe sia ɖe si yi aƒe me.+  Eye dukɔ blibo la nɔ nya hem le Israel-toawo katã me nɔ gbɔgblɔm be: “Fia lae ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me,+ eye eyae na míedo le Filistitɔwo si me; ke azɔ la, esi dzo le anyigba la dzi le Absalom nu.+ 10  Eye Absalom, ame si míesi ami na ɖo fiae ɖe mía ɖokuiwo nu la,+ tsi aʋa.+ Ekema nu ka ŋuti miele naneke wɔm le fia la kpɔkplɔ gbɔe ŋu o?” 11  Ke Fia David dɔ ame ɖo ɖe Zadok+ kple Abiatar,+ siwo nye nunɔlawo, gblɔ be: “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo+ be, ‘Nu ka tae miawoe anye mlɔetɔ akplɔ fia la agbɔe va eƒe me, evɔ Israel blibo la katã ƒe nya va ɖo fia gbɔ le enɔƒe? 12  Nɔvinyewoe mienye; nye ƒu kple nye ŋutilã mienye.* Ekema nu ka tae miawoe anye mlɔetɔ akplɔ fia la agbɔe?’ 13  Eye migblɔ na Amasa+ be: ‘Alo menye nye ƒu kple nye ŋutilã nènye oa? Mawu nefiam, eye wòagafiam ɖe edzi, ne màzu aʋafia tso fifia ɖe Yoab teƒe o fĩ!’”+ 14  Eye wòtrɔ* Yuda ŋutsuwo katã ƒe dzi ɖe eɖokui ŋu, eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene, ale be woɖo du ɖe fia la be: “Wò kple wò dɔlawo katã mitrɔ gbɔ.” 15  Ale fia la dze mɔ trɔ gbɔna heva ɖo Yordan nu, eye Yuda ŋutsuwo va Gilgal+ be yewoakpe fia la, ne yewoakplɔe atso Yordan. 16  Ke Benyamintɔ Simei,+ si nye Gera vi tso Bahurim, wɔ kaba yi kple Yuda ŋutsuwo be yeaɖakpe Fia David, 17  eye Benyamin ŋutsu akpe ɖeka le eŋu. Ziba,+ si nye dɔla le Saul ƒe aƒe me kple viaŋutsu wuiatɔ̃awo kpakple eƒe subɔvi blaeve hã wɔ kaba yi Yordan nu do ŋgɔ na fia la. 18  Eye wòtso* tɔa le tɔtsoƒe la be yeakplɔ fia ƒemetɔwo atsoe, ne yeawɔ nu sia nu si fia la di. Eye Simei, Gera vi tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume esime wòsusɔ vie wòatso Yordan. 19  Eye wògblɔ na fia la be: “Nye aƒetɔ megabu vodada nam o, eye megaɖo ŋku vɔ̃ si eƒe subɔvi wɔ+ gbe si gbe nye aƒetɔ fia dzo le Yerusalem la dzi o. Eye fia la megaxɔe vevie o, 20  elabena wò subɔvi nyae nyuie be yewɔ nu vɔ̃; eya ta nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe aƒe blibo la me va nye aƒetɔ fia la kpe ge egbea.” 21  Enumake Abisai,+ Zeruya vi+ gblɔ be: “Ðe womawu Simei le esi wòdo ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la ta oa?”+ 22  Ke David gblɔ be: “Nya sia ƒe afi kae ka mi, mi Zeruya viwo,+ be miatsi tsitre ɖe ŋunye egbea? Ðe woawu ame le Israel egbea? Ðe nyemenyae be wotsɔm ɖo fia ɖe Israel nu egbea oa?” 23  Eye fia la gblɔ na Simei be: “Mèle kuku ge o.” Eye fia la ka atam nɛ.+ 24  Saul tɔgbuiyɔvi Mefiboset+ hã va be yeakpe fia la. Medzra eƒe afɔ gbɔ ɖo, alo fɔ eƒe nutage dzi o, eye menya eƒe awuwo tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe gbe si gbe wògbɔ le ŋutifafa me o. 25  Esi wòva* Yerusalem va fia la kpe ge la, fia la biae be: “Mefiboset, nu ka ŋuti mèyi kplim o?” 26  Eɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ fia, nye dɔlae+ flum. Elabena wò dɔla gblɔ nɛ be, ‘Bla akpa na tedzi nam, ne madoe ayi kple fia la,’ elabena bunɔe+ wò dɔla nye. 27  Ke eya va zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia.+ Gake nye aƒetɔ fia le abe Mawu vavã la ƒe dɔla ene, eya ta wɔ nu si nyo le ŋkuwòme. 28  Ku koe nye kple fofonye ƒemetɔwo katã míedze na tso nye aƒetɔ fia gbɔ hafi, ke hã ètsɔ wò dɔla ɖo ame siwo ɖua nu le wò kplɔ̃ ŋu la dome.+ Azɔ nu ka ŋue maganɔ nyatoƒoe tom le na fia la?” 29  Ke fia la gblɔ nɛ be: “Nu ka ta nègale nu ƒom fũu? Meɖoe be wò kple Ziba miama agble la.”+ 30  Eye Mefiboset gblɔ na fia la be: “Nexɔ ye katã faa, esi nye aƒetɔ fia nya gbɔ va aƒe me le ŋutifafa me ko.” 31  Eye Gileadtɔ Barzilai hã tso Rogelim va be yeaɖo fia la ɖa ase Yordan nu.+ 32  Barzilai tsi ŋutɔ, exɔ ƒe blaenyi, eyae tsɔ nuɖuɖu vɛ na fia la esime wònɔ Mahanayim,+ elabena alɔme le esi ŋutɔ. 33  Eye fia la gblɔ na Barzilai be: “Tso tɔa kplim, eye mana nuɖuɖu wò le gbɔnye le Yerusalem.”+ 34  Ke Barzilai gblɔ na fia la be: “Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, be makplɔ fia la ɖo ayi Yerusalem? 35  Ƒe blaenyie mexɔ egbe sia.+ Ðe magate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ domea, alo ɖe wò dɔla agate ŋu ase vivi na nu si meɖuna kple nu si menona? Alo ɖe magate ŋu ase ŋutsu kple nyɔnu hadzilawo ƒe gbea?+ Ekema nu ka tae wò dɔla agazu agba na nye aƒetɔ fia la? 36  Ðeko wò subɔvi be yeaɖo fia la ɖa vie va se ɖe Yordan nu. Nu ka tae fia la be, yeaɖo eteƒe nam ale? 37  Meɖe kuku, na wò dɔla nagbugbɔ, ne maku ɖe mía de ate ɖe fofonye kple danye ɖiƒe ŋu.+ Ke wò dɔla Kimham+ ye nye esi. Na wòatso tɔa kple nye aƒetɔ fia la, eye nàwɔ nu si nyo le ŋkuwòme la nɛ.” 38  Eya ta fia la gblɔ be: “Kimham atso tɔa kplim, eye mawɔ nu si nyo ŋuwò la nɛ; eye nu sia nu si nàdi tso asinye la, mawɔe na wò.” 39  Azɔ esi ameawo katã tso Yordan-tɔsisia, eye fia la ŋutɔ hã tsoe la, fia la gbugbɔ nu na Barzilai,+ eye wòyrae; emegbe Barzilai gbugbɔ yi enɔƒe. 40  Esi fia la tso tɔa yi Gilgal+ la, Kimham hã tsoe kplii. Yuda ŋutsuwo katã kple Israel ŋutsuwo ƒe afã kplɔ fia la tso tɔa.+ 41  Eye Israel ŋutsuwo katã va fia la gbɔ, eye wogblɔ na fia la be: “Nu ka tae mía nɔvi Yuda ŋutsuwo fi wò dzoe eye wokplɔ fia la kple eƒemetɔwo kpakple David ƒe ame siwo katã le eŋu la va Yordan godo?”+ 42  Eye Yuda ŋutsuwo katã ɖo eŋu na Israel ŋutsuawo be: “Elabena míaƒe ƒometɔe fia la nye.+ Nu ka tae miedo dziku le nya sia ta? Ðe míeɖu fia la ƒe nanea, alo ɖe míexɔ nunana aɖe tso egbɔa?” 43  Ke Israel ŋutsuwo ɖo eŋu na Yuda ŋutsuwo be: “Gome ewo ye le mía si le fiaɖuƒe la me, eya ta le David gome la míesɔ gbɔ wu mi. Ekema nu ka tae miedo vlo mí? Menye míawoe anye ame gbãtɔwo akplɔ míaƒe fia la agbɔe oa?” Ke Yuda ŋutsuwo ƒe nu sẽ wu Israel ŋutsuwo tɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ɖeɖekpɔkpɔ.”
Alo, “xɔ wò luʋɔ ɖe agbe.”
Alo, “ƒe luʋɔ ɖe agbe.”
Alo, “ƒometɔ kpamkpam míenye.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòbi.”
Agate ŋu afia, “wotso.”
Agate ŋu afia, “Esi wòtso.”