2 Mose 37:1-29

  • Aɖaka la kpakpa (1-9)

  • Kplɔ̃ la kpakpa (10-16)

  • Akaɖiti la wɔwɔ (17-24)

  • Dzudzɔdomlekpui la wɔwɔ (25-29)

37  Azɔ Bezalel+ tsɔ akasiati kpa Aɖaka+ la. Edidi abɔklugui eve kple afã, ekeke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wòkɔ abɔklugui ɖeka kple afã.+ 2  Efa sika nyuitɔ ɖe eme kple ekɔgo siaa eye wòtsɔ sika ɖo to nɛ kpe ɖo.+ 3  Emegbe ewɔ sikasigɛ ene ɖe eƒe dzogoewo dzi le afɔti eneawo gbɔ lɔƒo; asigɛ eve le eƒe axa si, eye asigɛ eve le eƒe axa kemɛ. 4  Azɔ etsɔ akasiati kpa kpowo hefa sika ɖe wo ŋu.+ 5  Eye wòtsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me le Aɖaka la ƒe axawo dzi be woatsɔ akɔ Aɖaka la.+ 6  Etsɔ sika nyuitɔ+ wɔ eƒe nutunu la. Edidi abɔklugui eve kple afã, eye wòkeke abɔklugui ɖeka kple afã.+ 7  Ewɔ sikakerubi+ eve hã, eye wòtu wo ɖe nutunu la ƒe go eveawo dzi.+ 8  Kerubi ɖeka le akpa si, eye kerubi ɖeka le akpa kemɛ, le nutunu la ƒe go eveawo dzi. 9  Kerubiawo ke woƒe aʋala eveawo me do ɖe dzi, ale be woƒe aʋalawo tsyɔ nutunu la dzi.+ Wodze ŋgɔ wo nɔewo hede mo to ɖe nutunu la dzi.+ 10  Eyome etsɔ akasiati+ kpa kplɔ̃ la. Edidi abɔklugui eve, ekeke abɔklugui ɖeka, eye wòkɔ abɔklugui ɖeka kple afã.+ 11  Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔ sika do atsyã ɖe kplɔ̃ la toga kpe ɖo. 12  Eyome eɖo to nɛ wòkeke asiƒome ɖeka,* eye wòtsɔ sika do atsyã ɖe to la toga kpe ɖo. 13  Egawɔ sikasigɛ ene hã ɖe eŋu, eye wòtsɔ asigɛawo de afɔti eneawo ƒe dzogoe eneawo dzi le etame lɔƒo. 14  Asigɛawo te ɖe to la ŋu be woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me atsɔ akɔ kplɔ̃ lae. 15  Azɔ etsɔ akasiati kpa kpoawo, eye wòfa sika ɖe wo ŋu, be woatsɔ akɔ kplɔ̃ lae. 16  Emegbe etsɔ sika nyuitɔ wɔ kplɔ̃ la dzi nu siwo nye agba gbadzɛwo, kpluwo, zewo, kple agba goboe siwo woatsɔ aƒo nunovɔsawo ɖi.+ 17  Azɔ etsɔ sika nyuitɔ tu akaɖiti+ la. Ðe wòtu akaɖiti la ƒe titinati la kpakple eƒe alɔwo, eƒe kpluwo, eƒe kɔ́wo kple eƒe seƒoƒowo ɖekae.+ 18  Akaɖiti la dze alɔ ade; alɔ etɔ̃ le eƒe axa si, eye alɔ etɔ̃ le eƒe axa kemɛ. 19  Kplu etɔ̃ siwo wowɔ wole abe yevuziti ƒe seƒoƒo ene la le alɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le axa si, eye kɔ́wo kple seƒoƒowo kplɔ kplu ɖe sia ɖe ɖo. Eye le eƒe axa kemɛ hã kplu etɔ̃ siwo wowɔ wole abe yevuziti ƒe seƒoƒowo ene la le alɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye kɔ́wo kple seƒoƒowo kplɔ kplu ɖe sia ɖe ɖo. Aleae alɔ ade siwo le akaɖitia ŋu la le. 20  Kplu ene le akaɖiti la ƒe titinatia ŋu, eye wole abe yevuziti ƒe seƒoƒo ene, eye kɔ́wo kple seƒoƒowo kplɔ kpluawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo le eŋu. 21  Kɔ́ ɖeka le afi si alɔ eve gbãtɔwo dze le la te, kɔ́ ɖeka le afi si alɔ eve bubu siwo kplɔe ɖo dze le la te, eye kɔ́ ɖeka le afi si alɔ eve mamlɛawo dze le la hã te; wo katã le alɔ ade. 22  Etsɔ sika nyuitɔ tu kɔ́awo kple alɔawo ale be akaɖiti bliboa nye nu ɖeka. 23  Azɔ etsɔ sika nyuitɔ wɔ eƒe akaɖigbɛ adreawo,+ eƒe ɖovulãnuwo* kple eƒe dzofilɔnuwo. 24  Sika nyuitɔ talento ɖeka wòtsɔ wɔ akaɖiti la kple eŋu nuwo katãe. 25  Azɔ etsɔ akasiati wɔ dzudzɔdomlekpui+ la. Edidi abɔklugui ɖeka, ekeke abɔklugui ɖeka, ele dzogoe ene me, eye wòkɔ abɔklugui eve. Eye wokpa dzoawo kplii wonye nu ɖeka.+ 26  Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu, ɖe etame kple eƒe axawo dzi godoo va kpe, efae ɖe eƒe dzowo hã ŋu; eye wòtsɔ sika ɖo to nɛ kpe ɖo. 27  Eye wòtsɔ sika wɔ asigɛ eve ɖe to la ŋu le eƒe axawo kple eve dzi, be woaƒo kpo siwo woatsɔ akɔe la ɖe wo me. 28  Emegbe etsɔ akasiati kpa kpoawo eye wòfa sika ɖe wo ŋu. 29  Azɔ hã ewɔ ameɖomi kɔkɔe+ la kple atike ʋeʋĩ+ nyuitɔ la, eye wòtsaka wo nyuie.*

Etenuŋɔŋlɔ

Anɔ sentimeta 7.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “abè.”
Alo, “abe ale si ami ʋeʋĩ wɔla wɔnɛ ene.”