2 Mose 17:1-16
17 Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin gbedzi+ heto teƒeteƒewo, abe ale si Yehowa de se na wo ene,+ eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Refidim.+ Ke tsi aɖeke meli dukɔ la ano o.
2 Eye dukɔ la wɔ dzre kple Mose,+ eye wogblɔ be: “Na tsi mí míano.” Ke Mose bia wo be: “Nu ka tae miele dzre wɔm kplim? Nu ka ŋuti miele Yehowa dom kpɔ?”+
3 Tsikɔ wu dukɔ la vevie le afi ma, eye dukɔ la lĩ liʋiliʋĩ le Mose ŋu+ be: “Nu ka tae nèkplɔ mí tso Egipte be tsikɔ nawu mía kple mía viwo kpakple míaƒe lãhawo míaku?”
4 Ale Mose do ɣli na Yehowa be: “Nu kae mawɔ na dukɔ sia? Esusɔ vie ko woaƒu kpem!”
5 Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Dze dukɔ la ŋgɔ, eye kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye nàtsɔ wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil-tɔsisia+ dzi la ɖe asi ayii.
6 Kpɔ ɖa, manɔ tsitre ɖe ŋkuwòme le afi ma le agakpe la dzi le Horeb. Ƒo kpe la, ekema tsi ado tso eme be dukɔ la nano.”+ Eye Mose wɔe nenema le Israel ƒe ametsitsiawo ŋkume.
7 Eye wòna ŋkɔ teƒe la be Masa*+ kple Meriba,*+ elabena Israel-viwo wɔ dzre kple Mose le afi ma, eye wote Yehowa kpɔ+ gblɔ be: “Ðe Yehowa le mía dome loo alo meli o?”
8 Esia megbe la, Amalektɔwo+ ho aʋa ɖe Israel ŋu le Refidim.+
9 Eye Mose gblɔ na Yosua be:+ “Tia ŋutsuwo, eye nàyi aɖawɔ aʋa kple Amalektɔwo na mí. Matɔ ɖe togbɛ la tame etsɔ, eye malé Mawu vavã la ƒe atikplɔ la ɖe asi.”
10 Eye Yosua wɔ abe ale si tututu Mose gblɔ nɛ ene,+ eye wòwɔ aʋa kple Amalektɔwo. Eye Mose, Aron kple Hur+ lia togbɛ la yi etame.
11 Eye ne Mose ƒe abɔwo le dzi la, Israel-viwo nɔa aʋa dzi ɖum, gake ne eɖiɖi eƒe abɔwo ko la, Amalektɔwo nɔa aʋa dzi ɖum.
12 Esi abɔ nɔ Mose kum la, wotsɔ kpe de ete wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Hur lé eƒe abɔwo ɖe dzi, ame ɖeka le akpa si, eye evelia le akpa kemɛ, ale be eƒe abɔwo le dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.
13 Ale Yosua ɖu Amalektɔwo kple ame siwo kpe ɖe wo ŋu la dzi kple yi.+
14 Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Ŋlɔ esia ɖe agbalẽ la me wòanye ŋkuɖodzi, eye nàkui ɖe to me na Yosua be: ‘Matsrɔ̃ Amalektɔwo ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te, eye womagaɖo ŋku wo dzi o.’”+
15 Eye Mose ɖi vɔsamlekpui hena ŋkɔe be Yehowa-Nisi,*
16 hegblɔ be: “Esi Amalektɔwo kɔ woƒe asiwo ɖe dzi ɖe Yah+ ƒe fiazikpui ŋu ta la, Yehowa awɔ aʋa kpli wo tso dzidzime yi dzidzime.”+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmee nye, “Dodokpɔ; Tetekpɔ.”
^ Egɔmee nye, “Dzrewɔwɔ.”
^ Egɔmee nye, “Yehowa Ye Nye Nye Dzesiti.”