2 Fiawo 15:1-38
15 Le Israel-fia Yeroboam* ƒe ƒe blaeve vɔ adrelia me la, Azariya,*+ Yuda-fia Amaziya vi,+ zu fia.+
2 Exɔ ƒe wuiade esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia, tso Yerusalem.
3 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa Amaziya wɔ ene.+
4 Ke hã, womeɖe nuxeƒewo ɖa o,+ eye dukɔ la gasaa vɔ hedoa dzudzɔ le nuxeƒeawo kokoko.+
5 Ke Yehowa na fia la dze anyidɔ*+ va se ɖe eƒe kugbe; eɖe ɖe aga nɔ aƒe aɖe me,+ eye fia ƒe vi Yotam+ nɔ aƒea* nu hedrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la.+
6 Ke Azariya+ ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
7 Mlɔeba wotsɔ Azariya mlɔ tɔgbuiawo gbɔ,+ woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David Ƒe Du la me; eye via Yotam zu fia ɖe eteƒe.
8 Le Yuda-fia Azariya+ ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ enyilia me la, Zakariya,+ Yeroboam vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria, eye wòɖu fia ɣleti ade.
9 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si tɔgbuiawo wɔ ene. Meɖe asi le Yeroboam, Nebat vi ƒe nu vɔ̃ siwo wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la ŋu o.+
10 Eye Salum, Yabes vi, ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wòwui+ le Yibleam.+ Esi wòwui megbe la, ezu fia ɖe eteƒe.
11 Zakariya ŋutinya susɔeawo la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
12 Esiae nye nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Viwòŋutsuwo+ anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi va se ɖe dzidzime enelia dzi”+ la me vava. Eva eme nenema pɛpɛpɛ.
13 Ke Salum, Yabes vi zu fia le Yuda-fia Uziya+ ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me, eye wòɖu fia dzinu ɖeka le Samaria.
14 Eye Menahem, Gadhi vi, ho tso Tirza+ va Samaria, eye wòwu Salum,+ Yabes vi, le Samaria, esi wòwui la, ezu fia ɖe eteƒe.
15 Ke Salum ŋutinya susɔeawo kple nugbe si wòɖo la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
16 Ɣemaɣie Menahem ho tso Tirza va si Tifsa, eye wòtsrɔ̃ nu siwo katã le eme hekpe ɖe eƒe nuto la ŋu, esi womeʋu agbo nɛ o ta. Esi dua, eye wòdze ƒo le funɔ siwo le eme la nu.
17 Le Yuda-fia Azariya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me la, Menahem, Gadhi vi, zu fia le Israel, eye wòɖu fia ɖe Samaria dzi ƒe ewo.
18 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Meɖe asi le Yeroboam, Nebat vi ƒe nu vɔ̃ siwo katã wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la ŋu+ le eƒe ŋkekeawo katã me o.
19 Asiria-fia Pul+ ho aʋa ɖe Israel ŋu. Eya ta Menahem tsɔ klosalo talento akpe ɖeka* na Pul, be wòakpe ɖe ye ŋu ne fiaɖuƒea nali ke ɖe ye si me.+
20 Eya ta Menahem dzɔ klosalo la tso Israel ame ŋkuta siwo nye kesinɔtɔwo katã la si.+ Etsɔ klosalo sekel* blaatɔ̃ na Asiria-fia ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe nu. Ale Asiria-fia ho dzo le anyigba la dzi.
21 Ke Menahem+ ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
22 Eye wotsɔ Menahem mlɔ tɔgbuiawo gbɔ; eye via Pekahiya zu fia ɖe eteƒe.
23 Le Yuda-fia Azariya ƒe ƒe blaatɔ̃lia me la, Pekahiya, Menahem vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria, eye wòɖu fia ƒe eve.
24 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Meɖe asi le Yeroboam, Nebat vi ƒe nu vɔ̃ siwo wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la ŋu o.+
25 Eye Peka,+ Remaliya vi, si nye eƒe kpeɖeŋutɔ, kple Argob kple Ariye ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wowui le Samaria le fia ƒe aƒe* la ƒe mɔ́ sesẽ la me. Gilead ŋutsu blaatɔ̃ ye nɔ Peka ŋu; esi wòwui la, ezu fia ɖe eteƒe.
26 Ke Pekahiya ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
27 Le Yuda-fia Azariya ƒe ƒe blaatɔ̃ vɔ evelia me la, Peka,+ Remaliya vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria, eye wòɖu fia ƒe blaeve.
28 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eye meɖe asi le Yeroboam, Nebat vi ƒe nu vɔ̃ siwo wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la ŋu o.+
29 Le Israel-fia Peka ŋɔli la, Asiria-fia Tiglat-Pileser+ va, eye wòxɔ Iyon, Abel-Bet-Maaka,+ Yanoa, Kedes,+ Hazor, Gilead+ kple Galilea, Naftali-nyigba+ blibo la katã, eye wòɖe aboyo ameawo yi Asiria.+
30 Eye Hosea,+ Ela vi, ɖo nugbe ɖe Peka, Remaliya vi ŋu, da nui hewui, eye wòzu fia ɖe eteƒe le Yotam,+ Uziya vi, ƒe ƒe blaevelia me.
31 Ke Peka ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
32 Le Israel-fia Peka, Remaliya vi, ƒe ƒe evelia me la, Yotam,+ Yuda-fia Uziya vi+ zu fia.
33 Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Yerusa, eye wònye Zadok vinyɔnu.+
34 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume. Abe ale si fofoa Uziya wɔ ene.+
35 Ke hã, womeɖe nuxeƒewo ɖa o, eye dukɔ la gasaa vɔ hedoa dzudzɔ le nuxeƒeawo kokoko.+ Eyae ɖe dzigbegbo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu.+
36 Ke Yotam ŋutinya susɔeawo kple nu siwo wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
37 Le ŋkeke mawo me la, Yehowa de asi Siria-fia Rezin kple Peka,+ Remaliya vi, dɔdɔ me ɖe Yuda ŋu.+
38 Eye wotsɔ Yotam mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le tɔgbuia David Ƒe Du la me. Eye via Ahaz zu fia ɖe eteƒe.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmee nye, “Yehowae Na Kpekpeɖeŋu.” Woyɔe be Uziya le 2Fi 15:13; 2Kr 26:1-23; Yes 6:1; Zak 14:5.
^ Efia, Yeroboam II.
^ Alo, “kpodɔ.”
^ Alo, “fiasã.”
^ Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Alo, “fiasã.”