2 Fiawo 1:1-18

  • Eliya gblɔ Ahaziya ƒe ku ɖi (1-18)

1  Le Ahab ƒe ku megbe la, Moab+ dze aglã ɖe Israel ŋu.  Ɣemaɣie Ahaziya ge tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre si nu wotsɔ adzrala xe la nu le Samaria, eye wòxɔ abi vevie. Eya ta edɔ amewo hegblɔ na wo be: “Miheyi ɖabia nu Ekrontɔwo+ ƒe mawu Baal-Zebub be mahaya tso abi si mexɔ me hã.”+  Ke Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Eliya,*+ Tisbitɔ be: “Tso nàɖakpe Samaria-fia ƒe ame dɔdɔwo, eye nàbia wo be: ‘Esi Mawu aɖeke mele Israel o tae mieyina nu bia ge Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub ɖoa?+  Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aba si dzi nèle la, màfɔ le edzi o, elabena àku godoo.”’” Ale Eliya yi.  Esi ame dɔdɔawo trɔ gbɔ va fia gbɔ la, enumake ebia wo be: “Nu ka tae mietrɔ?”  Woɖo eŋu nɛ be: “Ŋutsu aɖe va do go mí gblɔ na mí be, ‘Migbugbɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ miagblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Mawu aɖeke mele Israel o tae nèdɔ be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub ɖoa? Eya ta aba si dzi nèle la, màfɔ le edzi o, elabena àku godoo.’”’”+  Eye wòbia wo be: “Aleke ŋutsu si va do go mi gblɔ nya siawo na mi la le?”  Woɖo eŋu nɛ be: “Ŋutsua do lãfuwu,+ eye lãgbalẽlidziblanu le ali nɛ.”+ Enumake egblɔ be: “Eliya, Tisbitɔ lae.”  Eye wòdɔ ame blaatɔ̃ ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃awo ɖo ɖe egbɔ. Esi wòlia to la yi egbɔ la, ekpɔe wòbɔbɔ nɔ toa tame. Eye amegã la gblɔ nɛ be: “Mawu vavã la ƒe ame,+ fia la be, ‘Ði va!’” 10  Eliya ɖo eŋu na ame blaatɔ̃ ƒe amegã la be: “Ne Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo+ wòafiã wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Eye dzo tso dziƒo va fiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo. 11  Eye fia la gadɔ ame blaatɔ̃ ƒe amegã bubu kple eƒe ame blaatɔ̃awo ɖo ɖe egbɔ. Eye amegã la yi ɖagblɔ nɛ be: “Mawu vavã la ƒe ame, ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ði va fifi laa!’” 12  Ke Eliya ɖo eŋu na wo be: “Ne Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo wòafiã wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Eye Mawu ƒe dzo tso dziƒo va fiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo. 13  Eye fia la gadɔ ame blaatɔ̃ ƒe amegã etɔ̃lia kple eƒe ame blaatɔ̃awo ɖo ɖa. Esi ame blaatɔ̃ ƒe amegã etɔ̃lia yi la, edze klo ɖe Eliya ŋkume, eƒo koko nɛ be wòave ye nu hegblɔ nɛ be: “Mawu vavã la ƒe ame, meɖe kuku, na nye agbe kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo ƒe agbe* naxɔ asi le ŋkuwòme. 14  Kpɔ ɖa, dzo tso dziƒo va fia ame blaatɔ̃ ƒe amegã eve gbãtɔawo kple woƒe ame blaatɔ̃awo; ke azɔ la, na nye agbe* naxɔ asi le ŋkuwòme.” 15  Eye Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Eliya be: “Ði nàyi kplii. Mègavɔ̃e o.” Ale wòtso, eye eya kplii woyi fia la gbɔ. 16  Eye Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èdɔ amewo be woabia nu Ekrontɔwo+ ƒe mawu Baal-Zebub. Esi Mawu aɖeke mele Israel woabia gbee o taea?+ Nu ka tae mèbia gbee o? Eya ta aba si dzi nèle la, màfɔ le edzi o, elabena àku godoo.’” 17  Ale wòku le Yehowa ƒe nya si Eliya gblɔ la nu; esi viŋutsu aɖeke mele esi o ta la, Yehoram*+ zu fia ɖe eteƒe, le Yuda-fia Yehoram,+ Yehosafat vi, ƒe ƒe evelia me. 18  Ke Ahaziya+ ŋutinya susɔeawo kple nu siwo wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Nye Mawue Nye Yehowa.”
Alo, “na nye luʋɔ kple wò subɔvi blaatɔ̃ siawo ƒe luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔ.”
Enye, Ahaziya nɔviŋutsu.