1 Samuel 13:1-23

  • Saul tia aʋawɔlawo (1-4)

  • Saul wɔ nu dadatɔe (5-9)

  • Samuel ka mo na Saul (10-14)

  • Aʋawɔnu aɖeke menɔ Israel-nyigba dzi o (15-23)

13  Saul xɔ ƒe . . .* esime wòzu fia,+ eye wòɖu fia ɖe Israel dzi ƒe eve. 2  Eye Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel; ame akpe eve le Saul ŋu le Mikmas kple Betel tonuto la me, eye ame akpe ɖeka le Yonatan+ ŋu le Gibea+ si nye Benyamin viwo ƒe du la me. Ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame susɔeawo ŋu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe yi eƒe agbadɔ me. 3  Eye Yonatan si Filistitɔwo+ ƒe asrafoha si le Geba,+ eye Filistitɔwo see. Ke Saul na woku kpẽ+ le anyigba blibo la katã dzi gblɔ be: “Hebritɔwo nesee!” 4  Eye Israel blibo la katã se be: “Saul si Filistitɔwo ƒe asrafoha aɖe, eya ta Israel va le ʋeʋẽm ɖe Filistitɔwo.” Ale woyɔ dukɔ la ƒo ƒu, be woadze Saul yome ayi Gilgal.+ 5  Ke Filistitɔwo hã ƒo ƒu be yewoawɔ aʋa kple Israel: woƒe tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔdolawo le akpe ade hekpe ɖe ame siwo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe ƒutake ene la ŋu;+ eye woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas le Bet-Aven ƒe ɣedzeƒe gome.+ 6  Israel ŋutsuwo kpɔ be yewoɖo xaxa me, eye womimi yewo ɖo; ale dukɔ la yi ɖabe ɖe agadowo,+ ʋewo, agakpewo, tomexɔwo kple tsido ƒuƒluwo me. 7  Hebritɔ aɖewo gɔ̃ hã tso Yordan-tɔsisi la yi Gad kple Gilead-nyigba+ dzi. Ke Saul ŋutɔ ya gakpɔtɔ le Gilgal, eye ame siwo katã le eyome la nɔ dzodzom nyanyanya. 8  Eye wòlala ŋkeke adre, va se ɖe esime ɣeyiɣi si Samuel ɖo la de, ke Samuel meva Gilgal o, eye dukɔ la le kakam le Saul ŋu. 9  Mlɔeba Saul gblɔ be: “Mitsɔ numevɔsa la kple ŋutifafavɔsaawo vɛ nam.” Eye wòsa numevɔ la.+ 10  Esi wònya sa numevɔ la vɔ teti ko la, Samuel ye nye esi va ɖo. Eya ta Saul yi ɖakpee heyrae. 11  Eye Samuel biae be: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be: “Mekpɔ be dukɔ la kaka le ŋunye,+ wò hã mèva le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi o, eye Filistitɔwo ƒo ƒu ɖe Mikmas.+ 12  Eya ta mebu be: ‘Filistitɔwo ava dze dzinye fifia le Gilgal, evɔ nyemekpɔ ƒo koko na Yehowa be wòave nunye haɖe o.’ Eya tae mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ la.” 13  Eye Samuel gblɔ na Saul be: “Èwɔ bometsinu. Mèlé se si Yehowa wò Mawu de na wò la me ɖe asi o.+ Ðe nèlé eme ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuƒe nali ke ɖe Israel dzi tegbee. 14  Ke azɔ wò fiaɖuƒe manɔ anyi eteƒe nadidi o.+ Yehowa adi ŋutsu si ƒe nu dze eƒe dzi ŋu la,+ Yehowa aɖoe eƒe dukɔ la kplɔlae,+ elabena mèɖo to se si Yehowa de na wò la o.”+ 15  Eye Samuel dze mɔ tso Gilgal yi Gibea si nye Benyamin ƒe du la me, eye Saul xlẽ dukɔ la me tɔ siwo susɔ ɖe eŋu la, eye woanɔ ame alafa ade.+ 16  Eye Saul kple via Yonatan kpakple ame siwo susɔ ɖe eŋu la nɔ Geba+ si nye Benyamin viwo ƒe du la me, eye Filistitɔwo ya ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas.+ 17  Eye Filistitɔwo ƒe nuhalawo ma ɖe hatsotso etɔ̃ me. Hatsotso ɖeka ɖo ta Ofra mɔ si yi Sual-nyigba dzi; 18  evelia to Bet-Horon+ mɔ, eye etɔ̃lia to mɔ si yi liƒo si dze ŋgɔ Zeboim Bali me ɖo ta gbedzi la. 19  Ke gbede aɖeke mele Israel-nyigba blibo la katã dzi o, elabena Filistitɔwo gblɔ be: “Ne Hebritɔwo nagatu yi alo akplɔ na wo ɖokuiwo o.” 20  Eye Israel-vi ɖe sia ɖe yi ɖanyrea eƒe agblenu alo eƒe dziga alo eƒe fía alo eƒe hɛ gobɛ le Filistitɔwo gbɔ. 21  Eye ga si woxɔna ne wonyre agblenuawo, dzigaawo, gaflowo kple fíaawo, alo ɖe nyikplɔti si nu le tsutsuẽ la dzadzra ɖo tae nye pim* ɖeka. 22  Eye le aʋakpegbea la, womekpɔ yi alo akplɔ le ame siwo le Saul kple Yonatan+ ŋu la dometɔ aɖeke si o, negbe Saul kple via Yonatan si koe wole. 23  Ke Filistitɔwo ƒe asrafoha* aɖe ho yi Mikmas todomemɔ la dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Womeyɔ ƒea le Hebri ŋɔŋlɔ gbãtɔa me o.
Enye blemanudakpe aɖe, si ade klosalo gram 8.
Alo, “dzɔlawo ƒe ha.”