1 Samuel 11:1-15
11 Eye Nahas, Amonitɔ+ la, ho yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Yabes+ ŋu le Gilead. Yabes ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas be: “Bla nu kpli mí ne míasubɔ wò.”
2 Nahas, Amonitɔ la, gblɔ na wo be: “Nu si mawɔ hafi abla nu kpli mi lae nye esi: maŋɔ ɖusimeŋku na mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawɔ esia atsɔ ado vlo Israel blibo la katã.”
3 Yabes ƒe ametsitsiawo ɖo eŋu nɛ be: “Na ŋkeke adre mí, ne míadɔ ame ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi. Eye ne ame aɖeke meli axɔ na mí o la, ekema míana ta.”
4 Emegbe ame dɔdɔawo va ɖo Saul ƒe Gibea+ hegblɔ nyaawo dukɔ bliboa se, eye dukɔ blibo la katã fa avi sesĩe.
5 Ke Saul kplɔ nyihawo tso gbe me gbɔna aƒe me, eye Saul bia be: “Nu kae le dukɔ la wɔm? Nu ka tae wole avi fam?” Eya ta wogblɔ Yabes ŋutsuawo ƒe nyawo nɛ.
6 Esi Saul se nya siawo ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,+ eye eƒe dziku fla.
7 Eya ta elé nyitsu eve hefli wo kakɛkakɛe, eye wòtsɔ wo de dɔlawo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi hegblɔ kpe ɖe eŋu be: “Mía dometɔ si mado adze Saul kple Samuel yome o la, alea woawɔ eƒe nyiwoe nye esi!” Ale Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye wova kple tame ɖeka.*
8 Eye wòxlẽ wo le Bezek: Israel-viwo ƒe xexlẽme le ame akpe alafa etɔ̃, eye Yuda ŋutsuwo le ame akpe blaetɔ̃.
9 Azɔ wogblɔ na ame dɔdɔ siwo va la be: “Ale miagblɔ na Yabes ŋutsuwo le Gilead ye nye esi: ‘Le etsɔ ŋdɔkutsu dzatsɛ la, woaxɔ na mi.’” Ale ame dɔdɔawo va gblɔe na Yabes ŋutsuwo, eye dzi dzɔ wo ŋutɔ.
10 Eya ta Yabes ŋutsuwo gblɔ na Amonitɔwo be: “Míana ta mi etsɔ, eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la ɖe mía ŋu.”+
11 Esi ŋu ke la, Saul ma dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wodze mɔ yi asaɖa la me le ŋdi me ŋudzɔɣi* ɖasi Amonitɔwo+ va se ɖe ŋdɔkutsu dzatsɛ. Woka ame siwo susɔ la hlẽ, ale be ame eve mekpɔtɔ ɖe teƒe ɖeka o.
12 Eye dukɔ la gblɔ na Samuel be: “Ame kae gblɔ be: ‘Saul hãe anye fia ɖe mía nua?’+ Kplɔ wo vɛ míawu.”
13 Ke Saul gblɔ be: “Womawu ame aɖeke egbe sia o,+ elabena Yehowa xɔ na Israel egbea.”
14 Emegbe Samuel gblɔ na dukɔ la be: “Miva míayi Gilgal,+ ne míaɖo kpe Saul ƒe fianyenye la dzi le afi ma.”+
15 Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, eye woɖo Saul fiae le afi ma le Yehowa ŋkume le Gilgal. Eye wosa ŋutifafavɔwo le Yehowa ŋkume le afi ma,+ eye Saul kple Israel ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ le afi ma eteƒe mekɔ o.+