1 Samuel 10:1-27

  • Wosi ami na Saul be wòazu fia (1-16)

  • Woɖe Saul fia dukɔa (17-27)

10  Eye Samuel tsɔ amigoe la hekɔ ami ɖe tame na Saul.+ Egbugbɔ nu nɛ gblɔ be: “Ðe Yehowa mesi ami na wò be nànye kplɔla+ ɖe eƒe domenyinu dzi oa?+ 2  Ne èdzo le gbɔnye egbea yina la, àkpɔ ŋutsu eve le Rahel+ ƒe yɔdo gbɔ le Benyamin-nuto la me le Zelza, eye woagblɔ na wò be: ‘Wokpɔ tedzi siwo di ge nèyi la, ke azɔ fofowò ɖe asi le tedziawo+ ƒe nya ŋu, eye wòtsi dzi ɖe ŋuwò le gbɔgblɔm be: “Nu kae mawɔ le vinye la ŋu?”’ 3  Yi azɔlia dzi tso afi ma va ɖo Tabor ƒe ati gã la gbɔ, eye àdo go ŋutsu etɔ̃ siwo yina Mawu vavã la gbɔ le Betel,+ ɖeka tsɔ gbɔ̃vi etɔ̃, ɖeka tsɔ abolo etɔ̃, eye ɖeka tsɔ wainze gã ɖeka. 4  Woabia wò agbe ta se, eye woana abolo eve wò; xɔ aboloawo. 5  Ema megbe àva Mawu vavã la ƒe togbɛ la dzi, afi si Filistitɔwo ƒe asrafoha aɖe le. Ne èva ɖo dua me la, àdo go nyagblɔɖilawo ƒe ha aɖe siwo ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna, eye kasaŋku, axatsɛ, dze kple saŋku anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo anɔ nya gblɔm ɖi. 6  Yehowa ƒe gbɔgbɔ ava dziwò,+ eye àgblɔ nya ɖi kpe ɖe wo ŋu, eye àtrɔ azu ame bubu sãa.+ 7  Ne dzesi siawo va eme la, ekema wɔ nu sia nu si wò asi ate ŋui, elabena Mawu vavã la li kpli wò. 8  Eye nàdze ŋgɔnye ayi Gilgal,+ mava gbɔwò ava sa numevɔwo kple ŋutifafavɔwo. Nàlala ŋkeke adre va se ɖe esime mava gbɔwò, eye magblɔ nu si nàwɔ la na wò.” 9  Eye esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ ko la, Mawu trɔ eƒe dzi bubui, eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe. 10  Eye wodzo le afi ma yi togbɛ la dzi, eye nyagblɔɖilawo ƒe ha aɖe va do goe. Enumake Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,+ eye wòde asi nyagbɔgblɔɖi+ me le wo dome. 11  Eye esi ame siwo katã nyae tsã la kpɔe be ele nya gblɔm ɖi kpe ɖe nyagblɔɖilawo ŋu la, wobia wo nɔewo be: “Nu kae le Kis vi la wɔm? Ãa, Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?” 12  Eye ame aɖe bia be: “Ame kae nye wo fofo?” Esia tae wòzu lodonya wogblɔna be: “Ãa, Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”+ 13  Esi wòwu nyagbɔgblɔɖia nu la, eyi togbɛ la dzi. 14  Emegbe Saul fofo nɔviŋutsu bia eya kple eƒe subɔvi la be: “Afi kae mieyi?” Eɖo eŋu be: “Tedziawo+ di gee míetso, eye míenɔ wo didi dzi, ke esi míekpɔ wo o la, míeyi Samuel gbɔ.” 15  Eye Saul fofo nɔviŋutsua bia be: “Meɖe kuku, gblɔe nam: nya kae Samuel gblɔ na mi?” 16  Saul ɖo eŋu na fofoa nɔviŋutsu la be: “Egblɔ na mí be woke ɖe tedziawo ŋu xoxo.” Ke Saul megblɔ fiaɖuɖu ŋu nya si Samuel gblɔ la ya nɛ o. 17  Eye Samuel yɔ dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa,+ 18  eye wògblɔ na Israel-viwo be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Nyee kplɔ Israel dzoe le Egipte, eye meɖe mi tso Egipte+ si me kple fiaɖuƒe siwo katã nɔ mia tem ɖe anyi la si me. 19  Ke miawo miegbe mia Mawu,+ ame si ɖe mi tso vɔ̃ siwo tu mi kple miaƒe xaxawo katã me la egbea, eye miegblɔ be: “Gbeɖe, ke boŋ ɖo fia ɖe mía nu.” Eya ta mitɔ ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe toawo kple miaƒe ame akpeakpeawo nu.’”* 20  Eya ta Samuel na Israel-toawo katã te va,+ eye wotia Benyamin-to la.+ 21  Emegbe wòna Benyamin-to la ƒe ƒomeawo te va, eye wotia Matri viwo ƒe ƒome la. Mlɔeba wotia Saul,+ Kis vi. Ke esi wodii la, womekpɔe o. 22  Eya ta wobia gbe Yehowa+ be: “Ðe ŋutsu la hã va afi sia?” Yehowa ɖo eŋu be: “Eyae nye esi be ɖe agbawo dome.” 23  Eya ta woƒu du yi ɖahee tso afi ma vɛ. Esi wòva tɔ ɖe dukɔa dome la, ekɔ ale gbegbe be ame bubuwo katã se abɔta nɛ.+ 24  Samuel gblɔ na dukɔ blibo la be: “Miele ame si Yehowa tia la kpɔma?+ Ame aɖeke mede enu le dukɔ blibo la katã me o!” Eye dukɔ blibo la de asi ɣlidodo me be: “Fia nenɔ agbe tegbee!” 25  Eye Samuel gblɔ nu si fia la abia tso wo si la na dukɔa,+ eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ me tsɔ da ɖe Yehowa ŋkume. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, eye ame sia ame dzo yi aƒe me. 26  Saul dzo yi eƒe me le Gibea, eye kalẽtɔ siwo ƒe dzi Yehowa ʋã la yi kplii. 27  Ke ŋutsu yakame aɖewo ya gblɔ be: “Aleke ame sia awɔ aɖe mí?”+ Eya ta wodo vloe, eye wometsɔ nunana aɖeke vɛ nɛ o.+ Ke ezi kpi, mede nu eme o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “miaƒe hlɔ̃wo nu.”