1 Kronika 20:1-8

  • Woxɔ Raba (1-3)

  • Wowu Filistitɔ dzɔtsuwo (4-8)

20  Esi ƒe trɔ,* eye fiawo ƒe aʋahoɣi ɖo la, Yoab+ kplɔ aʋakɔ la woyi ɖagblẽ Amonitɔwo ƒe anyigba, eye wòɖe to ɖe Raba,+ ke David ya nɔ Yerusalem.+ Yoab dze Raba dzi hegbãe.+ 2  Ke David ɖe Malkam ƒe fiakuku le eta, eye wòkpɔ be eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka,* eye kpe xɔasiwo le eŋu; eye woɖɔe na David. Elɔ aboyonu gbogbo aɖewo hã tso dua me.+ 3  Ekplɔ dua me tɔwo dzoe, eye wòna wowɔ kpekpakpadɔwo+ eye wòɖo gadɔwɔnu ɖaɖɛ kple fía dɔwo na wo. Alea David wɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã. Mlɔeba David kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem. 4  Le esia megbe la, wowɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer. Ɣemaɣie Husatɔ Sibekai+ wu Sipai,* si tso Refaim+ ƒe dzidzimeviwo dome la, eye wobɔbɔ wo ɖe anyi. 5  Eyome wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo; eye Yair vi Elhanan wu Gititɔ Goliat+ nɔvi Lakmi, ame si ƒe akplɔti le abe avɔlɔ̃la ƒe agbabɔ+ ene. 6  Ke aʋa gadzɔ le Gat,+ eye ŋutsu dzɔtsu+ aɖe si to asibidɛ adeade kple afɔbidɛ adeade, eye wo katã le blaeve vɔ ene la nɔ afi ma; eya hã tso Refaim ƒe dzidzimeviwo+ dome. 7  Enɔ alɔme ɖem+ le Israel ŋu. Eya ta Yonatan, David nɔvi Simei+ ƒe vi wui. 8  Ame siawoe tso Refaim ƒe dzidzimeviwo+ dome le Gat;+ eye David kple eƒe aʋawɔlawo wu wo.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, adame.
Anɔ kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyewo B14.
Ame sia kee woyɔ le 2Sa 21:18 be “Saf.”