Yohanes 7:53–8:59

* Kpukpui 53 va se ɖe ta 8 kpukpui 11 medze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo nye Codex Sinaiticus, Codex Vaticanus, kple Siriagbe me Asinuŋɔŋlɔgbalẽ si wofɔ le Sinai la me o. Akpa sia (si gɔme Helagbe me ŋɔŋlɔwo kple gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe vovovoe la) xlẽ ale: 53  Eya ta wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi eƒe aƒe me. 8  Gake Yesu ya dzo yi Amito la dzi.  Ke esi ŋu ke la, egava gbedoxɔa me, eye amewo katã de asi egbɔ vava me, eye wònɔ anyi hete nufiafia wo.  Ke agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé wònɔ ahasi wɔm la vae, eye esi wona wòtsi tsitre ɖe wo titina la,  wogblɔ be: “Nufiala, wolé nyɔnu sia wònɔ ahasi wɔm.  Mose gblɔ na le Sea me be míaƒu kpe nyɔnu siawo tɔgbi. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?”  Le nyateƒe me la, ɖe wonɔ esia gblɔm be yewoatsɔ adoe kpɔ, be yewoakpɔ nane atsɔ atso enu. Gake Yesu bɔbɔ tsɔ eƒe asibide nu ŋlɔm ɖe anyigba.  Esi wonɔ nya la biamee kokoko ta la, efɔ dzi, eye wògblɔ na wo be: “Mia dometɔ si ŋu nu vɔ̃ mele o la neƒu kpee gbã.”  Eye wògabɔbɔ heyi edzi nu ŋlɔm ɖe anyigba.  Ke ame siwo se nya sia la te dzodzo ɖekaɖeka tso tsitsiawo dzi, eye wogblẽ eya ɖeka kple nyɔnu si wo titina la ɖi. 10  Esi Yesu dzi la, egblɔ be: “Nyɔnu, woawo ɖe? Ðe ame aɖeke mebu oa?” 11  Egblɔ be: “Ao, aƒetɔ.” Yesu gblɔ be: “Nye nyemebu o. Dzo yi; tso fifia dzi la, mèganɔ nu vɔ̃ wɔm azɔ o.” 12  Eya ta Yesu gaƒo nu na wo gblɔ be: “Nyee nye xexea ƒe kekeli. Ame si dzea yonyeme la mele viviti me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe ƒe kekeli anɔ esi.” 13  Eya ta Farisitɔwo gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔe le ɖase ɖim le ɖokuiwò ŋu; wò ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.” 14  Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Ne nye ŋutɔe le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo ya mienya afi si metso kple afi si meyina o. 15  Miedrɔ̃a ʋɔnu ɖe ŋutilã nu; nye ya nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o. 16  Eye ne medrɔ̃a ʋɔnu hã la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la nye nyateƒe, elabena menye nye ɖekae li o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la li kplim. 17  Woŋlɔ ɖe mia ŋutɔwo miaƒe Se la me hã be: ‘Ame eve ƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.’ 18  Nyee nye ame si le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo si dɔm ɖa la hã le ɖase ɖim le ŋunye.” 19  Eya ta wogagblɔ nɛ be: “Afi kae Fofowò le?” Yesu ɖo eŋu be: “Mienyam o, eye mienya Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.” 20  Nya siawoe wògblɔ le nudzraɖoƒe la esime wònɔ nu fiam le gbedoxɔa me. Gake ame aɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo la meɖo haɖe o. 21  Eya ta egagblɔ na wo be: “Nye ya mele dzodzom, eye miadim, ke hã, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃ la me. Afi si yim mele la, miawo miate ŋu ava o.” 22  Eya ta Yudatɔwo te gbɔgblɔ be: “Alo ɖe wòyina eɖokui wu gea? Elabena ele gbɔgblɔm be: ‘Afi si yim mele la, miawo miate ŋu ava o.’” 23  Eya ta egagblɔ na wo be: “Miawo mietso anyigba; nye ya metso dzi. Miawo mietso xexe sia me; nye ya nyemetso xexe sia me o. 24  Eya tae megblɔ na mi be: Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Elabena ne miexɔe se be nyee o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.” 25  Eya ta wote gbɔgblɔ nɛ be: “Ame kae nènye?” Yesu gblɔ na wo be: “Nu ka tae megale nu ƒom kpli mi ɖo ya? 26  Nya geɖewo le asinye magblɔ tso mia ŋu, eye nu geɖewo li si ŋu madrɔ̃ ʋɔnu le. Le nyateƒe me la, ame si dɔm ɖa la nye nyateƒetɔ, eye nu siwo tututu mese tso egbɔ la, nu siawo gblɔmee mele le xexea me.” 27  Womese egɔme be Fofo la ŋue wònɔ nu ƒom le na yewo o. 28  Eya ta Yesu gblɔ be: “Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi vɔ la, ekema mianyae be nyee, eye be nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o; ke boŋ ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna. 29  Eye ame si dɔm ɖa la li kplim; megblẽ nye ɖeka ɖi o, elabena mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” 30  Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ame geɖewo xɔ edzi se. 31  Eya ta Yesu yi edzi gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be: “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, 32  eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” 33  Woɖo eŋu nɛ be: “Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, ‘Woana ablɔɖe mi’?” 34  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la, nu vɔ̃ ƒe kluvi wònye. 35  Eye kluvi menɔa aƒe me tegbee o; vi ya nɔa anyi tegbee. 36  Eya ta ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo ŋutɔŋutɔ. 37  Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye; gake miele didim be yewoawum, elabena nye nya la mewɔ ŋgɔyiyi aɖeke le mia dome o. 38  Nu siwo mekpɔ le Fofonye gbɔ lae megblɔna; eye miawo hã, nu siwo miese tso mia fofo gbɔ lae miewɔna.” 39  Woɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ na wo be: “Ne Abraham ƒe viwoe mienye la, ekema miwɔ Abraham ƒe dɔwo. 40  Ke azɔ miele didim be yewoawum, nye ame si gblɔ nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la na mi. Abraham mewɔ nu alea o ɖe. 41  Mia fofo ƒe dɔwo miewɔna.” Wogblɔ nɛ be: “Menye ahasiviwo míenye o; Fofo ɖekae le mía si, si nye Mawu.” 42  Yesu gblɔ na wo be: “Ne Mawue nye mia Fofo la, anye ne mielɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso heva le afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si kura o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa. 43  Nu ka tae mienya nya si gblɔm mele la o? Elabena miate ŋu ase nye nya o. 44  Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me, eye mia fofo la ƒe nudzodzrowo miedina be miawɔ. Amewulae ame ma nye tso gɔmedzedzea me, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye. 45  Ke esi nye ya mele nyateƒe tom ta la, miele dzinye xɔm le sesem o. 46  Mia dometɔ kae ate ŋu aɖo kpe edzi be mewɔ nu vɔ̃ si ta wòabu fɔm? Ne nyateƒe tom mele la, ekema nu ka tae miele dzinye xɔm le sesem o? 47  Ame si tso Mawu me la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Esia tae mieɖoa to o, elabena mietso Mawu me o.” 48  Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Ðe míegblɔe wòsɔ be: Samariatɔ nènye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò oa?” 49  Yesu ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o, ke boŋ mele bubu dem Fofonye ŋu, eye miawo miele vlo domem. 50  Gake nyemele kafukafu dim na ɖokuinye o; Ame aɖe li, si le edim, eye wòle ʋɔnu drɔ̃m. 51  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, makpɔ ku akpɔ gbeɖe o.” 52  Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Azɔ ko míenya be gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku; evɔ nèle gbɔgblɔm be: ‘Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, maɖɔ ku kpɔ gbeɖe o.’ 53  Gbɔgblɔm nèle be yenye gã wu mía fofo Abraham si ku laa? Nyagblɔɖilawo hã ku. Ame kae nèbuna be yenye?” 54  Yesu ɖo eŋu be: “Ne nye ŋutɔe doa ɖokuinye ɖe dzi la, ekema nye ɖokuidodoɖedzi la menye naneke o. Fofonye, ame si miele gbɔgblɔm be eyae nye miaƒe Mawu, ye doam ɖe dzi; 55  ke hã, mienyae o. Gake nye ya menyae. Eye ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema mezu abe miawo ke ene, aʋatsokala. Gake menyae, eye mele eƒe nya dzi wɔm. 56  Mia fofo Abraham tso aseye le esi mɔkpɔkpɔ su esi be wòakpɔ nye ŋkeke la ta, eye wòkpɔe, eye dzi dzɔe.” 57  Eya ta Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Mèkpɔ xɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o, eye nèbe yekpɔ Abraham?” 58  Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.” 59  Eya ta wofɔ kpewo be yewoaƒui; gake Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le gbedoxɔa me.

Etenuŋɔŋlɔ