Yohanes 7:1-53

7  Azɔ le nu siawo megbe la, Yesu yi edzi nɔ tsatsam le Galilea, elabena medi be yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo nɔ didim be yewoawui ta.  Ke hã, Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui si nye agbadɔŋkekenyui la nɔ ɖoɖom.  Eya ta nɔviawo gblɔ nɛ be: “Dzo le afi sia, eye nàyi Yudea, bene wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ dɔ siwo wɔm nèle.  Elabena ame aɖeke mewɔa nu le ɣaɣlaƒe esime wòle didim be amewo nanya ye le dutoƒo o. Ne èwɔa nu siawo la, ɖe ɖokuiwò fia xexeae.”  Le nyateƒe me la, nɔviawo menɔ eɖem nɔ fiafiam be yewoxɔ edzi se o.  Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Nye ɣeyiɣi ɖoɖi la meɖo haɖe o, gake ɣeyiɣi ɖe sia ɖe sɔ na miawo ya.  Susu aɖeke meli si ta xexea alé fu mi ɖo o, gake eléa fu nye ya, elabena meɖia ɖase tso eŋu be eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.  Miawo miyi ŋkekenyuia ɖuƒe; nye ya nyemele ŋkekenyui sia ɖuƒe yi ge haɖe o, elabena nye ɣeyiɣi ɖoɖi la meɖo keŋkeŋ haɖe o.”  Eya ta esi wògblɔ nya siawo na wo vɔ la, etsi Galilea. 10  Gake esi nɔviawo yi ŋkekenyuia ɖuƒe la, eya ŋutɔ hã yi, gake meyi gaglãa o, ke boŋ abe le adza me ene. 11  Eya ta Yudatɔwo te edidi le ŋkekenyuia ɖuƒe nɔ gbɔgblɔm be: “Afi kae ŋutsu ma le?” 12  Eye amehaawo do dalĩ nɔ nya geɖewo gblɔm le eŋu. Wo dometɔ aɖewo nɔ gbɔgblɔm be: “Ame nyui aɖee wònye.” Bubuwo nɔ gbɔgblɔm be: “Menye ame nyui aɖeke o, ke boŋ ele ameha la kplɔm le tatram.” 13  Ke hã, ame aɖeke menɔ nu ƒom le eŋu le gaglãgbe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. 14  Ke esi ŋkekenyui la ƒe afã nu va yi vɔ la, Yesu yi gbedoxɔa me, eye wòte nufiafia. 15  Eya ta Yudatɔwo tsi yaa nɔ gbɔgblɔm be: “Aleke ame sia wɔ nya agbalẽ alea, esi mesrɔ̃ nu le suku aɖeke o?” 16  Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe. 17  Ne ame aɖe di be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, anya ne nufiafia la tso Mawu gbɔ loo alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye si. 18  Ame si ƒoa nu le eɖokui si la le ye ŋutɔ ƒe kafukafu dim; gake ame si dia ame si dɔe ɖa la ƒe kafukafu la, ame sia nye nyateƒetɔ, eye madzɔmadzɔnyenye aɖeke mele eme o. 19  Mose tsɔ Se la na mi, menye nenemae oa? Gake mia dometɔ ɖeka pɛ hã mewɔa Se la dzi o. Nu ka tae miele didim be yewoawum?” 20  Ameha la ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Ame kae le didim be yeawu wò?” 21  Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Dɔ ɖeka ko mewɔ, eye wòwɔ nuku na mi katã. 22  Esia tae Mose na se mi be miatso aʋa ɖo—menye be Mose gbɔe wòtso o, ke etso tɔgbuiawo gbɔ boŋ—eye mietsoa aʋa na ame le sabat dzi. 23  Ne wotsoa aʋa na ame le sabat dzi, be woagada Mose ƒe se la dzi o la, ekema ɖe miedo dziku ɖe ŋunye vevie le esi mena ame aɖe ƒe lãme sẽ keŋkeŋ le sabat dzi taa? 24  Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe gotagome dzedzeme nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.” 25  Eya ta Yerusalemtɔ aɖewo de asi gbɔgblɔ me be: “Ame sia dimee wole be woawu ɖe, alo menye eyae oa? 26  Ke hã, kpɔ ɖa! Ele nu ƒom le dutoƒo, evɔ womele nya aɖeke gblɔm nɛ o. Alo ɖe amegãwo va nyae nyuie azɔ be ame siae nye Kristo laa? 27  Míenya afi si ame sia tso; gake ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.” 28  Eya ta esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli gblɔ be: “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso hã. Eye nyemeva le nye ŋutɔ ɖokuinye si o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la nye ame ŋutɔŋutɔ, gake mienyae o. 29  Nye ya menyae, elabena eteƒenɔlae menye va, eye Ame mae dɔm ɖa.” 30  Eya ta wote mɔnudidi be yewoalée, gake ame aɖeke meka asi eŋu o, elabena eƒe gaƒoƒo la mede haɖe o. 31  Gake ameha la dometɔ geɖewo xɔ edzi se; eye wode asi gbɔgblɔ me be: “Ne Kristo la va la, mawɔ dzesi siwo lolo wu esiwo wɔm ŋutsu sia le o ɖe, miekpɔe nenema oa?” 32  Farisitɔwo se ale si ameha la nɔ liʋiliʋi lim le eŋuti le nya siawo ta, eye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woalée. 33  Eya ta Yesu gblɔ be: “Maganɔ mia gbɔ vie hafi adzo ayi ame si dɔm ɖa la gbɔ. 34  Miadim, gake miakpɔm o, eye afi si nye la mele la, miate ŋu ava afi ma o.” 35  Eya ta Yudatɔwo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Afi kae ame sia ɖo be yeayi, si awɔe be míagakpɔe o? Alo ɖe wòɖoe be yeayi Yudatɔ siwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ aɖafia nu Helatɔwoa? 36  Nya sia si wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o, eye afi si nye la mele la, miate ŋu ava afi ma o’ la gɔme ɖe?” 37  Ke le ŋkeke mamlɛtɔ, si nye ŋkekenyui la ƒe ŋkeke vevitɔ dzi la, Yesu tsi tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ be: “Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva gbɔnye ne wòano tsi. 38  Ame si xɔa dzinye sena la, abe ale si Ŋɔŋlɔ la gblɔe ene la, ‘Agbetsitɔsisiwo asi tso eyama me ke.’” 39  Ke hã, egblɔ esia le gbɔgbɔ si ame siwo xɔ edzi se la axɔ kpuie la ŋu; elabena womexɔ gbɔgbɔ la haɖe o, elabena womedo Yesu ɖe dzi haɖe o. 40  Eya ta ameha la dometɔ siwo se nya siawo la de asi gbɔgblɔ me be: “Vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila La.” 41  Bubuwo nɔ gbɔgblɔm be: “Ame siae nye Kristo la.” Gake ame aɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be: “Menye Galilea ye Kristo la atso ava o ɖe? 42  Ðe Ŋɔŋlɔ la megblɔ be David ƒe dzidzimevie Kristo la anye, eye be atso Betlexem, si nye kɔƒe si me David nɔ la me oa?” 43  Eya ta ameha la dome ma le eta. 44  Ke hã, wo dometɔ aɖewo nɔ didim be yewoalée, gake ame aɖeke meka asi eŋu o. 45  Eya ta atikplɔtɔawo trɔ yi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be: “Nu ka tae miekplɔe vae o?” 46  Atikplɔtɔawo ɖo eŋu be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” 47  Farisitɔwo ɖo eŋu be: “Alo ɖe wòflu miawo hã? 48  Miekpɔ amegãwo alo Farisitɔwo dometɔ aɖe wòxɔ edzi se kpɔa? 49  Ameha sia si menya Se la o la, fiƒodemewoe wonye.” 50  Nikodemo, si nye wo dometɔ ɖeka, si va egbɔ va yi la gblɔ na wo be: 51  “Míaƒe se la medrɔ̃a ʋɔnu ame ne womese eƒe numenya gbã henya nu si wɔm wòle o, menye nenemae oa?” 52  Woɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Alo Galilea ye wò hã nètsoa? Dzro eme, ekema àkpɔe be nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o.”* * Kpukpui 53 va se ɖe ta 8 kpukpui 11 medze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo nye Codex Sinaiticus, Codex Vaticanus, kple Siriagbe me Asinuŋɔŋlɔgbalẽ si wofɔ le Sinai la me o. Akpa sia (si gɔme Helagbe me ŋɔŋlɔwo kple gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe vovovoe la) xlẽ ale: 53  Eya ta wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi eƒe aƒe me.

Etenuŋɔŋlɔ