Yohanes 6:1-71
6 Le nu siawo megbe la, Yesu dzo yi Galilea ƒu, alo Tiberia, la godo.
2 Gake ameha gã aɖe dze eyome, elabena wonɔ dzesi siwo wɔm wònɔ henɔ dɔ dam na dɔnɔwo la kpɔm.
3 Eya ta Yesu yi to aɖe dzi, eye woa kple eƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma.
4 Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui, si nye ŋutitoto la nɔ ɖoɖom.
5 Eya ta esi Yesu fɔ mo dzi, eye wòkpɔ be ameha gã aɖe gbɔna ye gbɔ la, egblɔ na Filipo be: “Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?”
6 Ke hã, enɔ esia gblɔm be yeatsɔ adoe kpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.
7 Filipo ɖo eŋu nɛ be: “Abolo denario alafa eve kura gɔ̃ hã made wo nu, be ame sia ame nakpɔ vi aɖe o.”
8 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si nye Andrea, Simon Petro nɔvi, gblɔ nɛ be:
9 “Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?”
10 Yesu gblɔ be: “Mina ameawo nanɔ anyi abe ale si wonɔa anyi ɖua nui ene.” Ke gbe mumu geɖe le afi ma. Eya ta ameawo nɔ anyi; ŋutsu abe akpe atɔ̃ ene.
11 Eye Yesu tsɔ aboloawo, eye esi wòda akpe vɔ la, etsɔ wo na ame siwo bɔbɔ nɔ anyi la, nenema kee wòna tɔmelã sueawo wo le ale si wodi la nu.
12 Gake esi woɖi ƒo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, bene naneke dome nagagblẽ o.”
13 Eya ta woƒo wo nu ƒu, eye ƒobolo atɔ̃ siwo ameawo ɖu, ƒe kakɛ siwo susɔ la, yɔ kusi wuieve.
14 Eye esi ameawo kpɔ dzesi siwo wòwɔ la, wote gbɔgblɔ be: “Vavãe, ame siae nye nyagblɔɖila si ƒe nya wogblɔ ɖi be ava xexea me la.”
15 Eya ta esi Yesu nya be wole vava ge, eye woalé ye sesẽe aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.
16 Esi fiẽ ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖi va ƒua nu,
17 eye esi woge ɖe tɔdziʋu aɖe me la, wokui be yewoatso ƒua ayi Kapernaum. Zã do xoxo, gake Yesu meva wo gbɔ haɖe o.
18 Eye ƒu la de asi agbodzedze me le ya sesẽ aɖe si nɔ ƒoƒom la ta.
19 Gake esi woku tɔdziʋua abe kilometa atɔ̃ alo ade ene megbe la, wokpɔ Yesu wònɔ ƒua dzi zɔm gbɔna nɔ tetem ɖe ʋu la ŋu; eye vɔvɔ̃ ɖo wo.
20 Gake egblɔ na wo be: “Nyee, migavɔ̃ o!”
21 Eya ta wolɔ̃ be yewoaxɔe ɖe tɔdziʋua me, eye ʋu la ɖi go ɖe afi si wonɔ didim be yewoayi la.
22 Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ameha si nɔ tsitre ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi la kpɔ be tɔdziʋu aɖeke menɔ afi ma o, negbe sue aɖe ko, eye be Yesu meɖo tɔdziʋua kple eƒe nusrɔ̃laawo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃laawo ɖeɖe koe dzo;
23 gake tɔdziʋuwo tso Tiberia va afi si medidi tso teƒe si woɖu abolo si ta Aƒetɔ la da akpe ɖo la gbɔ o.
24 Eya ta esi ameha la kpɔ be Yesu mele afi ma o, eye be eƒe nusrɔ̃lawo hã meli o la, woɖo woƒe ʋu sueawo, eye wova Kapernaum va Yesu di ge.
25 Eya ta esi wokpɔe le ƒua ƒe go kemɛ dzi la, wogblɔ nɛ be: “Rabi, ɣekaɣie nèva ɖo afi sia?”
26 Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Menye esi miekpɔ dzesiwo tae miele diyem ɖo o, ke boŋ esi mieɖu abolo ɖi ƒo tae.
27 Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si nɔa anyi hena agbe mavɔ la ta, si Amegbetɔvi la ana mi; elabena Fofo la, ɛ̃ Mawu, ɖo dzesi aɖe ame sia ŋu be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.”
28 Eya ta wogblɔ nɛ be: “Nu kae míawɔ, bene míawɔ Mawu ƒe dɔwo?”
29 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Mawu ƒe dɔ lae nye be, miaɖee afia be yewoxɔ ame si Ame ma dɔ ɖa la dzi se.”
30 Eya ta wogblɔ nɛ be: “Ekema nu ka wɔm nèle wònye dzesi, bene míakpɔe, eye míaxɔ dziwò ase? Dɔ ka wɔm nèle?
31 Mía tɔgbuiwo ɖu mana le gbedadaƒo, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: ‘Ena abolo wo tso dziƒo woɖu.’”
32 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Menye Mose ye na abolo si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavãtɔ mi tso dziƒo.
33 Elabena Mawu ƒe abolo lae nye ame si ɖi tso dziƒo va, eye wònaa agbe xexea.”
34 Eya ta wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nɔ abolo sia nam mí ɖaa.”
35 Yesu gblɔ na wo be: “Nyee nye agbebolo la. Ame si vaa gbɔnye la, dɔ mawui akpɔ o, eye ame si ɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, tsikɔ mawui akpɔ gbeɖe o.
36 Gake megblɔe na mi be: Miekpɔm, gake miexɔe se o.
37 Nu sia nu si Fofo la tsɔ nam la ava gbɔnye, eye ame si vaa gbɔnye la, nyemanyae akpɔ o;
38 elabena meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.
39 Ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue nye esi: be magabu nu siwo katã wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi.
40 Elabena esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu, be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nakpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi.”
41 Eya ta Yudatɔwo de asi liʋiliʋilili me le eŋu, elabena egblɔ be: “Nyee nye abolo si ɖi tso dziƒo va”;
42 eye wode asi gbɔgblɔ me be: “Menye Yosef vi Yesu, ame si fofo kple dada míenya lae nye esia oa? Aleke wɔ wòle gbɔgblɔm fifia be: ‘Meɖi tso dziƒo va’?”
43 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Midzudzɔ liʋiliʋilili le mia nɔewo dome.
44 Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae; eye mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi.
45 Woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo me be: ‘Eye Yehowa afia nu wo katã.’ Ame sia ame si see le Fofo la gbɔ, eye wòsrɔ̃e la vaa gbɔnye.
46 Menye be ame aɖe kpɔ Fofo la o, negbe ame si tso Mawu gbɔ ko; ame sia kpɔ Fofo la.
47 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ame si xɔna sena la, agbe mavɔ le esi.
48 “Nyee nye agbebolo la.
49 Mia tɔgbuiwo ɖu mana le gbedadaƒo, ke hã, woku.
50 Esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, bene ame sia ame naɖu eƒe ɖe, be wòagaku o.
51 Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va; ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee; eye le nyateƒe me la, abolo si mana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye nye ŋutilã.”
52 Eya ta Yudatɔwo de asi nyahehe me le wo nɔewo dome be: “Aleke wɔ ame sia atsɔ eƒe ŋutilã ana mí be míaɖu?”
53 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, agbe aɖeke mele mia me o.
54 Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi;
55 elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã.
56 Ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu la yia edzi nɔa ƒomedodo me kplim, eye nye hã menɔa ƒomedodo me kplii.
57 Abe ale si ko Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema kee ame si ɖuam la, ame ma hã anɔ agbe le tanye.
58 Esia nye abolo si ɖi tso dziƒo va. Mele abe esime mia tɔgbuiwo ɖui, ke hã, woku la ene o. Ame si ɖua abolo sia la anɔ agbe tegbee.”
59 Nya siawoe wògblɔ esime wònɔ nu fiam le teƒe aɖe si amewo ƒo ƒu ɖo le Kapernaum.
60 Eya ta eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo, esi wose nya sia la, wogblɔ be: “Tso! Nya sesẽ kae nye ema; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya ma sem?”
61 Gake esi Yesu nya be yeƒe nusrɔ̃lawo nɔ liʋiliʋi lim le nya sia ŋu la, egblɔ na wo be: “Ðe nya sia zu nukikli na mia?
62 Ke ne miekpɔ Amegbetɔvi la wòlia yina afi si wònɔ tsã ya ɖe, ekema aleke wòanɔ?
63 Gbɔgbɔ lae naa agbe, ŋutilã ya menyo na naneke o. Nya siwo megblɔ na mi la, gbɔgbɔ kple agbe wonye.
64 Gake mia dometɔ aɖewo mexɔe se o.” Elabena tso gɔmedzedzea me la, Yesu nya ame siwo menɔ exɔm nɔ sesem o kple ame si adee asi.
65 Eya ta eyi edzi gblɔ be: “Esia tae megblɔ na mi be: Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la ɖe mɔ nɛ hafi.”
66 Esia ta eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo trɔ yi nu siwo le megbe la gbɔ, eye womegazɔna kplii o.
67 Eya ta Yesu gblɔ na ame wuieveawo be: “Alo ɖe miawo hã miedi be yewoadzoa?”
68 Simon Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò;
69 eye míexɔe se, eye míeva nyae be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.”
70 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Menye nyee tia mi ame wuieveawo oa? Ke hã, mia dometɔ ɖeka nye ameŋugblẽla.”
71 Le nyateƒe me la, Yuda, si nye Simon Iskariot ƒe vi, ŋu nya gblɔm wònɔ; elabena togbɔ be ame sia nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka hã la, egbɔna ede ge asi.