Yohanes 5:1-47

5  Le nu siawo megbe la, Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe ɖo, eye Yesu yi Yerusalem.  Ke ta aɖe le Yerusalem le alẽgbo la ŋu, si woyɔna le Hebrigbe me be Betzata, eye xɔdomemɔ atɔ̃ siwo tame wogbã la le afi ma.  Dɔnɔ gbogbo aɖewo, siwo nye ŋkuagbãtɔwo, atatututɔwo, kple titilélawo, mlɔ anyi ɖe afi ma.  * ——  Ke ŋutsu aɖe nɔ afi ma, si nɔ dɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyie nye ema.  Esi Yesu kpɔ ŋutsu sia le anyimlɔƒe, eye wònya be ɣeyiɣi didi aɖee nye ema wònɔ dɔ lém la, egblɔ nɛ be: “Èdi be yeƒe lãme nasẽa?”  Dɔnɔa ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame aɖeke mele asinye, si akɔm ada ɖe ta la me ne woblu tsia o; gake kaka mava la, ame bubu ɖoa eme do ŋgɔ nam.”  Yesu gblɔ nɛ be: “Tso, tsɔ wò aba, eye nàzɔ.”  Tete ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake, eye wòtsɔ eƒe aba, eye wòte zɔzɔ. Ke gbe ma gbe nye sabat. 10  Eya ta Yudatɔwo te gbɔgblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be: “Egbee nye Sabat, eye se meɖe mɔ be nàtsɔ aba o.” 11  Gake eɖo eŋu na wo be: “Ame si na nye lãme sẽ lae gblɔ nam be: ‘Tsɔ wò aba, eye nàzɔ.’” 12  Wobiae be: “Ame kae nye ame ma si gblɔ na wò be: ‘Tsɔe, eye nàzɔ’?” 13  Gake ame si ŋu woda gbe le la menya ame si wònye o, elabena Yesu dzo le afi ma, le esi ameha aɖe le teƒea ta. 14  Le nu siawo megbe la, Yesu kpɔe le gbedoxɔa me, eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ. Mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, bene nu si vɔ̃ɖi wu esia nagadzɔ ɖe dziwò o.” 15  Ŋutsu la yi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue na yeƒe lãme sẽ. 16  Le esia ta Yudatɔwo yi edzi ti Yesu yome, elabena enɔ nu siawo wɔm le Sabat dzi. 17  Gake eɖo eŋu na wo be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia, eye nye hã meyi edzi le dɔ wɔm.” 18  Le nya sia koŋ ta la, Yudatɔwo gate mɔnu geɖe wu didi le eŋu be yewoawui, elabena menye ɖeko wònɔ dadam le Sabat la dzi o, ke enɔ Mawu hã yɔm be ye Fofo, hetsɔ eɖokui nɔ sɔsɔm kple Mawu. 19  Eya ta Yesu yi edzi ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Vi la mate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le eɖokui si o, negbe nu siwo wòkpɔ Fofo la wòle wɔwɔm la ko. Elabena nu sia nu si Ame ma wɔna la, nu siawo Vi la hã wɔna nenema ke. 20  Elabena Fofo la lɔ̃a Vi la, eye wòtsɔa nu siwo katã eya ŋutɔ wɔna la fianɛ, eye atsɔ dɔ siwo lolo wu esiawo la afiae, bene wòawɔ mo yaa na mi. 21  Elabena ale si ko Fofo la fɔa ame kukuwo hegbɔa agbe wo la, nenema kee Vi la hã gbɔa agbe ame siwo wòdi. 22  Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Vi la, 23  bene amewo katã nade bubu Vi la ŋu abe ale si ko wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si medea bubu Vi la ŋu o la, medea bubu Fofo si dɔe ɖa la hã ŋu o. 24  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ame si sea nye nya, eye wòxɔa ame si dɔm ɖa la dzi sena la, agbe mavɔ le esi, eye mevaa ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ eto ku me yi agbe me. 25  “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo ɖo to la anɔ agbe. 26  Elabena abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòɖe mɔ na Vi la hã be agbe nanɔ eya ŋutɔ me. 27  Eye wòna ŋusẽ eyama be wòadrɔ̃ ʋɔnu, elabena Amegbetɔvi wònye. 28  Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, 29  eye woado go, ame siwo wɔ nu nyuiwo la, hena agbe ƒe tsitretsitsi, ame siwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi. 30  Nyemate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le ɖokuinye si o; ale si mesena la, nenema medrɔ̃a ʋɔnu; eye ʋɔnu si medrɔ̃na la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu boŋ. 31  “Ne nye ŋutɔ ɖeka koe ɖia ɖase tso ɖokuinye ŋu la, ekema nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o. 32  Ame bubu aɖe li, si ɖia ɖase tso ŋunye, eye menya be ɖase si wòɖina tso ŋunye la nye nyateƒe. 33  Miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase na nyateƒe la. 34  Ke hã, nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake mele nya siawo gblɔm bene miakpɔ ɖeɖe. 35  Ame ma nye akaɖi si nɔ bibim henɔ keklẽm, eye mielɔ̃ be yewoakpɔ dzidzɔ gã aɖe le eƒe kekeli la me hena ɣeyiɣi kpui aɖe. 36  Gake ɖaseɖiɖi si lolo wu Yohanes tɔ la le asinye, elabena dɔ siwo tututu Fofonye de asinye be mawɔ awu enu, dɔ siwo tututu wɔm mele la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye be Fofo lae dɔm ɖa. 37  Eye Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔ ɖi ɖase tso ŋunye. Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi kpɔ o, eye miekpɔ eƒe mo hã o; 38  eye eƒe nya la mekpɔtɔ le mia me o, elabena miexɔa ame si tututu wòdɔ ɖa la dzi sena o. 39  “Miele Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito, elabena miesusuna be yewoato wo dzi akpɔ agbe mavɔ; eye woawo kee le ɖase ɖim tso ŋunye. 40  Evɔ miedi be yewoava gbɔnye, ne miakpɔ agbe o. 41  Nyemelɔ̃na xɔa kafukafu tso amewo gbɔ o, 42  gake menyae nyuie be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o. 43  Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, gake miexɔm o; ne ame bubu aɖe va le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, anye ne miaxɔ ame ma ya. 44  Aleke miawɔ axɔe ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye miele kafukafu si tso Mawu ɖeka kolia gbɔ ya dim o? 45  Migasusu be matso mia nu na Fofo la o; ame aɖe li si tsoa mia nu; eyae nye Mose, ame si dzi mieda miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo. 46  Le nyateƒe me la, ɖe miexɔ Mose dzi se la, ne miexɔ nye hã dzinye se, elabena eyama ŋlɔ nu tso ŋunye. 47  Ke ne miexɔ nu siwo ame ma ŋlɔ la dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase?”

Etenuŋɔŋlɔ