Yohanes 4:1-54

4  Ke esi Aƒetɔ Yesu nya be Farisitɔwo see be nusrɔ̃la geɖewo le ye si sum wu Yohanes, eye yele wo nyrɔm—  evɔ le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ menɔ amewo nyrɔm o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe—la,  edzo le Yudea hegbugbɔ yi Galilea.  Gake ehiã be wòato Samaria.  Eya ta eva ɖo Samaria du aɖe si woyɔna be Sixar, si te ɖe anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef ŋu, la me.  Yakob ƒe vudo kura gɔ̃ hã nɔ afi ma. Esi mɔzɔzɔa na ɖeɖi te Yesu ŋu ta la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe vudoa to. Gaƒoƒo adelia* lɔƒo mee.  Samaria nyɔnu aɖe va tsi ku ge. Yesu gblɔ nɛ be: “Na tsi vi aɖem mano.”  (Elabena eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi dua me yi nuɖuɖu ƒle ge.)  Eya ta Samaria nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Aleke wɔ wò, si nye Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.) 10  Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana faa la kple ame si le gbɔgblɔm na wò be, ‘Na tsi vi aɖem mano’ la, anye ne wò boŋ èbiae, eye wòana agbetsi wò.” 11  Egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, tɔkpo si nàtsɔ aku tsia teti hã mele asiwò o, eye vudoa hã goglo. Ekema afi kae nèkpɔ agbetsi sia tsoe? 12  Mènye gã wu mía tɔgbui Yakob, ame si na vudoa mí, eye eya ŋutɔ kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi o ɖe, alo èwuia?” 13  Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Ame sia ame si noa tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ agawui. 14  Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsidzɔƒe le eyama me, si ayɔ agbagba, be wòana agbe mavɔ.” 15  Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, na tsi siam, bene tsikɔ nagawum alo manɔ afi sia vam ava nɔ tsi kum azɔ o.” 16  Egblɔ nɛ be: “Heyi, yɔ srɔ̃wò, eye nàva afi sia.” 17  Nyɔnua ɖo eŋu gblɔ be: “Srɔ̃ mele asinye o.” Yesu gblɔ nɛ be: “Ègblɔe nyuie be: ‘Srɔ̃ mele asinye o.’ 18  Elabena srɔ̃ atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye ŋutsu si le asiwò fifia la, menye srɔ̃wòe o. Èto nyateƒe le nya sia me.” 19  Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mekpɔe dze sii be nyagblɔɖilae nènye. 20  Mía tɔgbuiwo de ta agu le to sia dzi, gake miawo ya miegblɔna be Yerusalem ye nye teƒe si wòle be amewo nade ta agu le.” 21  Yesu gblɔ nɛ be: “Nyɔnu, xɔ dzinye se: Gaƒoƒo la gbɔna, esime menye to sia dzi alo Yerusalem ye miade ta agu na Fofo la le o. 22  Miedea ta agu na nu si mienya o; míawo ya míedea ta agu na nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. 23  Ke hã, gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime nyateƒetadeagulawo atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la, elabena le nyateƒe me la, Fofo la le ame siawo ƒomevi dim be woade ta agu na ye. 24  Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ele be ame siwo le ta dem agu nɛ la natsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu.” 25  Nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Menyae be Mesia, si woyɔna be Kristo, la gbɔna. Ne ame ma va ɖo la, agblɔ nu sia nu na mí kɔtɛ.” 26  Yesu gblɔ nɛ be: “Nye ame si le nu ƒom na wò la, nyee nye ame ma.” 27  Le ɣeyiɣi sia me la, eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo, eye wòwɔ mo yaa na wo, elabena enɔ nu ƒom kple nyɔnu. Ke hã, wo dometɔ aɖeke mebiae be: “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka tae nèle nu ƒom kple nyɔnua?” o. 28  Eya ta nyɔnua gblẽ eƒe tsize la ɖi, eye wòdzo yi dua me va gblɔ na amewo be: 29  “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam la ɖa. Ðe manye ame siae nye Kristo la oa?” 30  Wodo go le dua me, eye wote egbɔ vava. 31  Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo nɔ eƒom ɖe enu be: “Rabi, ɖu nu!” 32  Gake egblɔ na wo be: “Nuɖuɖu aɖe le asinye be maɖu, si miawo mienya o.” 33  Eya ta nusrɔ̃lawo te gbɔgblɔ na wo nɔewo be: “Alo ɖe ame aɖe tsɔ nane va nɛ wòɖua?” 34  Yesu gblɔ na wo be: “Nye nuɖuɖu ye nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye be mawu eƒe dɔ la nu. 35  Menye gbɔgblɔm miele be esusɔ ɣleti ene hafi woate nuŋeŋe oa? Kpɔ ɖa! Mele egblɔm na mi be: Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe. Fifia kura gɔ̃ hã la, 36  nuŋela le fetu xɔm, eye wòle kutsetse nu ƒom ƒu hena agbe mavɔ, ale be nukuwula kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ ɖekae. 37  Vavãe, nya si wogblɔ la nye nyateƒe le go sia me be: Ame aɖe doa nu, ame bubu ŋenɛ. 38  Medɔ mi be miaŋe nu si ŋu miekpe fu aɖeke ɖo o. Ame bubuwo kpe fu, eye miawo mieva kpɔ viɖe tso woƒe fukpekpea me.” 39  Ke Samaria du ma me tɔ geɖe xɔ edzi se le nyɔnua ƒe ɖase si wòɖi na wo la ta, esi wògblɔ be: “Egblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam.” 40  Eya ta esi Samariatɔawo va egbɔ la, wode asi kukuɖeɖe me nɛ be wòanɔ yewo gbɔ; eye wònɔ afi ma ŋkeke eve. 41  Esia wɔe be ame bubu geɖewo gaxɔ edzi se, le nya si wògblɔ la ta, 42  eye wode asi gbɔgblɔ me na nyɔnua be: “Meganye wò nuƒoƒo tae míexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo míesee, eye míenyae be ame siae nye xexea ɖela vavã.” 43  Le ŋkeke eveawo megbe la, edzo le afi ma yi Galilea. 44  Gake Yesu ŋutɔ ɖi ɖase be womedea bubu nyagblɔɖila aɖeke ŋu le wo de o. 45  Eya ta esi wòva ɖo Galilea la, Galileatɔwo xɔe, elabena wokpɔ nu siwo katã wòwɔ le Yerusalem le ŋkekenyuia ɖuɣi, elabena woawo hã wode ŋkekenyuia ɖuƒe. 46  Eye wògava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le. Ke fia ƒe subɔla aɖe nɔ afi ma, si ƒe viŋutsu dze dɔ le Kapernaum. 47  Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòte kukuɖeɖe nɛ be wòava da gbe le ye viŋutsua ŋu na ye, elabena eɖo kudo nu. 48  Gake Yesu gblɔ nɛ be: “Ne miekpɔ dzesiwo kple nukunuwo o la, miaxɔe ase akpɔ o.” 49  Fia ƒe subɔla la gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, va hafi vinye sue la naku.” 50  Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, viwò la le agbe.” Ŋutsu la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòdzo heyi. 51  Gake esi wònɔ mɔ dzi ɖi abu trɔ yina la, eƒe kluviwo va kpee gblɔ nɛ be viaŋutsuvia tsi agbe. 52  Eya ta ede asi wo biabia me be gaƒoƒo ka mee eƒe lãmea ka ɖe eme nɛ hã. Woɖo eŋu nɛ be: “Asrã la dzo le edzi etsɔ le gaƒoƒo adrelia* dzi.” 53  Eya ta vifofo la kpɔe dze sii be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be: “Viwò la le agbe.” Ale eya kple eƒe aƒe blibo la katã xɔe se. 54  Esiae nye dzesi evelia si Yesu wɔ esime wòdzo le Yudea va Galilea.

Etenuŋɔŋlɔ

Ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Ŋdɔ ga 1 lɔƒo.