Yohanes 3:1-36

3  Ke ame aɖe nɔ anyi, si tso Farisitɔwo dome, eŋkɔe nye Nikodemo, eye wònye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖe.  Ame sia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be: “Rabi, míenyae be nufialae nènye, eye ètso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi siwo nèwɔna o, negbe ɖe Mawu li kplii.”  Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu akpɔ Mawu fiaɖuƒe la o.”  Nikodemo gblɔ nɛ be: “Aleke woawɔ adzi ame si nye ame tsitsi? Mate ŋu agbugbɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagadzii zi evelia o ɖe, alo ate ŋuia?”  Yesu ɖo eŋu be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me o.  Nu si wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nu si wodzi tso gbɔgbɔ me la, gbɔgbɔ wònye.  Megawɔ mo yaa na wò be megblɔ na wò be: Ele be woagbugbɔ mi adzi o.  Ya ƒona yia afi si wòdi, eye èsea eƒe gbe, gake mènyana afi si wòtso kple afi si yim wòle o. Nenema kee ame si wodzi tso gbɔgbɔ me hã le.”  Nikodemo ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Aleke nu siawo ate ŋu adzɔe?” 10  Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Israel ƒe nufiala nènye, gake mènya nu siawo oa? 11  Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Nu si míenya lae míegblɔna, eye nu si míekpɔ la ŋue míeɖia ɖase le, gake miexɔa ɖase si míeɖina la o. 12  Ne meƒo nu tso anyigba dzi nuwo ŋu na mi, eye miexɔe se o ɖe, aleke miawɔ axɔe ase ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na mi? 13  Gawu la, ame aɖeke melia yi dziƒo o, negbe ame si ɖi tso dziƒo va la ko, si nye Amegbetɔvi la. 14  Eye abe ale si Mose kɔ da la ɖe dzi le gbedadaƒo ene la, nenema kee wòle be woakɔ Amegbetɔvi la hã ɖe dzii, 15  bene ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ. 16  “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. 17  Elabena Mawu dɔ Via ɖo ɖe xexea me, menye be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexea o, ke boŋ be woaɖe xexea to eyama dzi. 18  Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnui o. Ame si meɖea xɔse fiana o la, wodrɔ̃ ʋɔnui xoxo, elabena meɖee fia be yexɔ Mawu ƒe Tenuvi la ƒe ŋkɔ dzi se o. 19  Ke nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃m ɖo lae nye esi: kekeli la va xexea me, gake amewo lɔ̃ viviti la le esi teƒe be woalɔ̃ kekeli la, elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. 20  Elabena ame si wɔa nu gbegblẽwo la léa fu kekeli la, eye mevaa kekeli la gbɔ o, bene woagahe nya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. 21  Gake ame si wɔa nu nyui la vaa kekeli la gbɔ, bene eƒe dɔwɔwɔwo nadze ƒãa be wowɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.” 22  Le nu siawo megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi Yudea nutoa me, eye wònɔ afi ma kpli wo hena ɣeyiɣi aɖe, eye wònɔ amewo nyrɔm. 23  Gake Yohanes hã nɔ amewo nyrɔm le Aenon, si te ɖe Salim ŋu, elabena tsi gbogbo aɖe nɔ afi ma, eye amewo yi edzi nɔ vavam, eye wònɔ wo nyrɔm; 24  elabena womekpɔ de Yohanes gaxɔ me haɖe o. 25  Eya ta nyaʋiʋli aɖe ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Yudatɔ aɖe dome le ame ɖokui ŋu kɔkɔ ƒe nya ŋuti. 26  Eya ta wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ be: “Rabi, ŋutsu si mia kplii mienɔ Yordan godo, si ŋu nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, ele amewo nyrɔm, eye amewo katã le egbɔ yim.” 27  Yohanes ɖo eŋu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu axɔ naneke, ne menye dziƒoe wonae tsoe o. 28  Mia ŋutɔwo mieɖia ɖase nam be megblɔ be: Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ be: Ðe wodɔm ɖe ame ma ŋgɔ. 29  Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃. Gake ne ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ tsi tsitre hese ŋugbetɔsrɔ̃ ŋkɔ la, ekpɔa dzidzɔ gã aɖe le eƒe gbe ta. Eya ta nye dzidzɔ sia gba go. 30  Ele be ame ma ƒe dɔwɔwɔwo nanɔ dzidzim ɖe edzi, gake tɔnyewo ya nanɔ to yim.” 31  Ame si tso dziƒo va la ƒo ame bubuwo katã ta. Ame si tso anyigba dzi la, anyigba dzi wòtso, eye anyigba dzi nuwo ŋue wòƒoa nu tso. Ame si tso dziƒo va la ƒo ame bubuwo katã ta. 32  Nu si wòkpɔ hese la, nu ma ŋue wòɖia ɖase tso, gake ame aɖeke mele eƒe ɖaseɖiɖi la xɔm o. 33  Ame si xɔ eƒe ɖaseɖiɖia la, ame sia tsɔ eƒe nutrenu ɖo eŋu be Mawu nye nyateƒetɔ. 34  Elabena ame si Mawu dɔ la gblɔa Mawu ƒe nyawo, elabena medzidzea gbɔgbɔ la hafi tsɔnɛ nana o. 35  Fofo la lɔ̃ Vi la, eye wòtsɔ nuwo katã de esi. 36  Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ Vi la dzi se la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.

Etenuŋɔŋlɔ