Yohanes 20:1-31
20 Le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Maria Magdalatɔ va ŋkuɖodziyɔdo la gbɔ le ŋdikanya, esi xexea me mekpɔ kɔ vɔ o, eye wòkpɔ be womli kpe la ɖa xoxo le ŋkuɖodziyɔdoa nu.
2 Eya ta eƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la kemɛa, si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Wokɔ Aƒetɔ la dzoe le ŋkuɖodziyɔdoa me, eye míenya afi si wodae ɖo o.”
3 Eya ta Petro kple nusrɔ̃la kemɛa do go hedze mɔ yina ŋkuɖodziyɔdo la gbɔ.
4 Ɛ̃, woa kple evea wolé du tsɔ; gake nusrɔ̃la kemɛa ƒe afɔ tsɔ wu Petro tɔ, eye wòtre ŋkuɖodziyɔdoa gbɔ ɖoɖo nɛ.
5 Eye esi wòdo kɔ ɖa la, ekpɔ be aklalawo nɔ eme, gake meyi ɖe eme o.
6 Eye Simon Petro hã le eyome va, eye wòge ɖe ŋkuɖodziyɔdo la me. Eye wòkpɔ aklalawo le eme,
7 eye avɔ si wotsɔ bla ta nɛ hã nɔ eme, gake menɔ aklalawo gbɔ o, ke boŋ woƒoe da ɖe afi bubu.
8 Eya ta nusrɔ̃la si ɖo ŋkuɖodziyɔdoa gbɔ gbã la hã ge ɖe eme azɔ, eye wòkpɔe, eye wòxɔe se.
9 Elabena womekpɔ se ŋɔŋlɔ la gɔme haɖe be ele be wòafɔ tso ame kukuwo dome o.
10 Ale nusrɔ̃lawo trɔ yi woƒe aƒewo me.
11 Ke hã, Maria ya kpɔtɔ nɔ tsitre ɖe ŋkuɖodziyɔdoa gbɔ nɔ avi fam. Eye esi wònɔ avia fam la, edo kɔ ɖa be yeakpɔ ŋkuɖodziyɔdo la me,
12 eye wòkpɔ mawudɔla eve le awu ɣiwo me, ɖeka nɔ afi si Yesu mlɔ la ƒe tade, eye ɖeka nɔ eƒe afɔde.
13 Eye wogblɔ nɛ be: “Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam?” Egblɔ na wo be: “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, gake nyemenya afi si wodae ɖo o.”
14 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, etrɔ, eye wòkpɔ Yesu le tsitre ɖi, gake mekpɔe dze sii be Yesue o.
15 Yesu gblɔ nɛ be: “Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Esi wòsusu be eyae nye abɔdzikpɔlaa ta la, egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam, ne mayi aɖakɔe.”
16 Yesu gblɔ nɛ be: “Maria!” Esi wòtrɔ la, egblɔ nɛ le Hebrigbe me be: “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala!”)
17 Yesu gblɔ nɛ be: “Dzudzɔ kuku ɖe ŋunye. Elabena nyemekpɔ lia yi Fofo la gbɔ haɖe o. Ke boŋ dze mɔ nàyi nɔvinyewo gbɔ, eye nàgblɔ na wo be: ‘Meyina Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu, la gbɔ.’”
18 Maria Magdalatɔ va gblɔ nya la na nusrɔ̃lawo be: “Mekpɔ Aƒetɔ la!” eye be eyae gblɔ nya siawo na ye.
19 Eya ta le ŋkeke ma, si nye kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ, ƒe fiẽ me, togbɔ be afi si nusrɔ̃lawo nɔ la ƒe ʋɔtruwo nɔ tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta hã la, Yesu va hetsi tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi.”
20 Eye esi wògblɔ esia vɔ la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Tete nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ le esi wokpɔ Aƒetɔ la ta.
21 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nye hã mele mia dɔm.”
22 Eye esi wògblɔ esia vɔ la, egbɔ ya ɖe wo dzi, eye wògblɔ na wo be: “Mixɔ gbɔgbɔ kɔkɔe.
23 Ne mietsɔ ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, ekema wotsɔ wo ke wo; ne mietsɔ ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la, ekema wokpɔtɔ li.”
24 Gake Toma, si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Venɔvi la, menɔ wo gbɔ esime Yesu va o.
25 Eya ta nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ be: “Míekpɔ Aƒetɔ la!” Gake egblɔ na wo be: “Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asiwo me, eye metsɔ nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axadame o la, nyemaxɔe ase akpɔ o.”
26 Ke le ŋkeke enyi megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo ganɔ aƒea me, eye Toma nɔ wo dome. Yesu va, togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã, eye wòtsi tsitre ɖe wo titina hegblɔ be: “Ŋutifafa na mi.”
27 Azɔ egblɔ na Toma be: “Do wò asibide ɖe afii, eye nàkpɔ nye asiwo, eye tsɔ wò asi ƒo ɖe nye axadame, eye nàdzudzɔ dzimaxɔsetɔ nyenye, ke boŋ nàzu xɔsetɔ.”
28 Toma ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”
29 Yesu gblɔ nɛ be: “Esi nèkpɔm tae nèxɔe sea? Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo mekpɔa nua o, gake woxɔna sena.”
30 Le nyateƒe me la, Yesu wɔ dzesi bubu geɖewo le eƒe nusrɔ̃lawo ŋkume, siwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa sia me o.
31 Gake woŋlɔ esiawo ɖi, ne miaxɔe ase be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la, eye be esi miexɔe se ta la, miakpɔ agbe to eƒe ŋkɔ me.