Yohanes 2:1-25
2 Ke le ŋkeke etɔ̃agbe la, woɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ aɖe le Kana le Galilea, eye Yesu dada nɔ afi ma.
2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea.
3 Esi wain la mede wo nu o la, Yesu dada gblɔ nɛ be: “Wain mele wo si o.”
4 Gake Yesu gblɔ nɛ be: “Nya kae le mía kpli wò dome, nyɔnu? Nye gaƒoƒo la meɖo haɖe o.”
5 Dadaa gblɔ na ame siwo nɔ subɔsubɔm la be: “Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.”
6 Kpezɔ ade nɔ afi ma abe ale si Yudatɔwo ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɖoɖoa bia ene, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu axɔ tsi dzidze* eve alo etɔ̃.
7 Yesu gblɔ na wo be: “Miku tsi ɖe zɔawo me woayɔ.” Eye wokui ɖe wo me woyɔ banaa.
8 Eye wògblɔ na wo be: “Azɔ miku ɖe yi na kplɔ̃ɖoɖoa dzi kpɔla.” Eye wokui yi.
9 Ke esi kplɔ̃ɖoɖoa dzi kpɔla la ɖɔ tsi si wotrɔ wòzu wain, (evɔ menya afi si wòtso o togbɔ be subɔla siwo ku tsia yii ya nya hã) la kpɔ la, kplɔ̃ɖoɖoa dzi kpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la,
10 hegblɔ nɛ be: “Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ naa amewo gbã, eye ne womu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Ke wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.”
11 Yesu wɔ nu sia le Kana le Galilea wònye eƒe dzesiwo ƒe gɔmedzedze, eye wòna eƒe ŋutikɔkɔe la dze; eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.
12 Le esia megbe la, woa kple dadaa kple nɔviawo kpakple eƒe nusrɔ̃lawo trɔ yi Kapernaum, gake womenɔ afi ma ŋkeke geɖe o.
13 Ke Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la nɔ ɖoɖom, eye Yesu yi Yerusalem.
14 Eye wòkpɔ ame siwo nɔ nyiwo kple alẽwo kpakple ahɔnɛwo dzram le gbedoxɔa me kpakple gaɖɔlila siwo nɔ anyi ɖe woƒe zikpuiwo dzi.
15 Eya ta esi wògbi ka tsɔ wɔ atam vɔ la, enya ame mawo katã kpakple woƒe alẽwo kple nyiwo do goe le gbedoxɔa me, eye wòtrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo.
16 Eye wògblɔ na ame siwo nɔ ahɔnɛawo dzram la be: “Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Midzudzɔ Fofonye ƒe aƒe la tsɔtsɔ wɔ asitsaƒee!”
17 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be woŋlɔ ɖi be: “Dzonɔameme ɖe wò aƒea ŋu amim.”
18 Eya ta Yudatɔwo ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Dzesi kae le asiwò nàtsɔ afia mí, si ta nèkpɔ mɔ awɔ nu siawo?”
19 Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Mimu gbedoxɔ sia ƒu anyi, eye le ŋkeke etɔ̃ me la, magafɔe ɖe te.”
20 Eya ta Yudatɔwo gblɔ be: “Ƒe blaene vɔ adee wotsɔ tu gbedoxɔ sia, eye wò ya àfɔe ɖe te le ŋkeke etɔ̃ mea?”
21 Gake eƒe ŋutilã ƒe gbedoxɔ ŋue wònɔ nu ƒom le.
22 Eya ta esi wofɔe tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be elɔ̃a nya sia gbɔgblɔ; eye woxɔ Ŋɔŋlɔ la kple nya si Yesu gblɔ la dzi se.
23 Ke hã, esi wònɔ Yerusalem le ŋutitoto la dzi le ŋkekenyui la ɖuɣi la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ la dzi se, le esi wokpɔ dzesi siwo wɔm wònɔ la ta.
24 Gake Yesu ŋutɔ ya meka ɖe wo dzi o, elabena enya wo katã,
25 eye mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase le amegbetɔ ŋu nɛ o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Ðewohĩ baf dzidzee wowɔnɛ, eye dzidze ɖeka nye lita 22.