Yohanes 19:1-42

19  Eya ta Pilato kplɔ Yesu, eye wòƒoe kple atam.  Eye asrafowo tsɔ ŋuka lɔ̃ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wodo awudziwui aɖabɛtɔ nɛ;  eye wote egbɔ vava nɔ gbɔgblɔm be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” Woƒoa tome hã nɛ.  Eye Pilato gado go, eye wògblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Mekplɔe do goe vae na mi, be mianyae be nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”  Ale Yesu do go, eye ŋukafiakuku la kple awudziwui aɖabɛtɔ la le eŋu. Eye wògblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye esi!”  Ke hã, esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu! Hee ɖe ati ŋu!” Pilato gblɔ na wo be: “Mia ŋutɔwo mikplɔe yi, ne miahee ɖe ati ŋu, elabena nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”  Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Se le mía si, eye le se sia nu la, ele be wòaku, elabena ewɔ eɖokui Mawu ƒe vi.”  Eya ta esi Pilato se nya sia la, vɔvɔ̃ gaɖoe ɖe edzi;  eye wògage ɖe nutomefia ƒe fiasã la me, eye wògblɔ na Yesu be: “Afi kae nètso?” Gake Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o. 10  Eya ta Pilato gblɔ nɛ be: “Mèle nu ƒo ge nam oa? Mènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò, eye ŋusẽ le asinye be mahe wò ɖe ati ŋu oa?” 11  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ŋusẽ aɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o. Esia tae ame si tsɔm de asi na wò la ƒe nu vɔ̃ lolo wu.” 12  Le susu sia ta la, Pilato nɔ agbagba dzem le ale si wòawɔ aɖe asi le eŋuti la ŋu. Gake Yudatɔwo do ɣli be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa eɖokui fiae la ƒoa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro ŋu.” 13  Eya ta esi Pilato se nya siawo vɔ la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, le teƒe si woyɔna be Kpenyigba, gake le Hebrigbe me la, Gabata. 14  Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke; gaƒoƒo adelia* lɔƒo mee. Eye wògblɔ na Yudatɔwo be: “Kpɔ ɖa! Miaƒe fia lae nye esi!” 15  Ke hã, wodo ɣli be: “Bu mo nɛ! Bu mo nɛ! Hee ɖe ati ŋu!” Pilato gblɔ na wo be: “Mahe miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlawo ƒe tatɔwo ɖo eŋu be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.” 16  Eya ta ɣemaɣi la, etsɔe de asi na wo be woahee ɖe ati ŋu. Eye wokplɔ Yesu dzoe. 17  Eye esi eya ŋutɔ tsɔ fuwɔametia la, edo go yi teƒe si woyɔna be Ametakoliƒe, si woyɔna be Golgota le Hebrigbe me; 18  eye wohee ɖe ati ŋu le afi ma, eye wohe ame eve bubu kpe ɖe eŋu, ɖeka le eƒe axa si, eye evelia le axa kemɛ, gake Yesu ya le titina. 19  Pilato ŋlɔ dzesideŋkɔ aɖe hã, eye wòtsɔe ɖo fuwɔameti la ŋu. Nu si wòŋlɔ lae nye: “Yesu, Nazaretetɔ la, Yudatɔwo ƒe Fia la.” 20  Eya ta Yudatɔ geɖewo xlẽ dzesideŋkɔ sia, elabena afi si wohe Yesu ɖe ati ŋu le la gogo dua; eye woŋlɔe ɖe Hebrigbe me, ɖe Latingbe me, ɖe Helagbe me. 21  Ke hã, Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo de asi gbɔgblɔ me na Pilato be: “Mègaŋlɔ be, ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ o, ke boŋ be egblɔ be: ‘Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia.’” 22  Pilato ɖo eŋu be: “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.” 23  Ke esi asrafowo he Yesu ɖe ati ŋu la, wotsɔ eƒe awudziwuiwo, eye woma wo ɖe akpa ene me, ne asrafo ɖeka naxɔ ɖeka, eye wotsɔ awutewui la hã. Gake wometɔ awutewuia ya o, elabena ɖe wolɔ̃e tso etame va se ɖe egɔme. 24  Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be: “Migana míadzee o, ke boŋ mina míadzidze nu ɖe edzi, ne míakpɔ ame si tɔ wòanye.” Esia dzɔ, bene ŋɔŋlɔ la nava eme be: “Woma nye awudziwuiwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.” Eye alea tututue asrafoawo wɔ nu siawoe. 25  Ke hã, Yesu dada kple dadaa nɔvinyɔnu, kpakple Maria, Klopa srɔ̃, kple Maria, Magdalatɔ, wonɔ tsitre ɖe eƒe fuwɔameti la gbɔ. 26  Eya ta esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔ̃la si wòlɔ̃na wole tsitre ɖe afi ma la, egblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!” 27  Azɔ egblɔ na nusrɔ̃la la be: “Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!” Eye tso gaƒoƒo ma dzi la, nusrɔ̃la la kplɔe yi ye ŋutɔ ƒe aƒe me. 28  Le nu siawo megbe, esi Yesu nya be wowu nuwo katã nu vɔ azɔ la, bene ŋɔŋlɔ la nava eme la, egblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.” 29  Nugoe aɖe nɔ afi ma, si wain tsitsi yɔ fũu. Eya ta wotsɔ ƒumekutsa de wain tsitsia me, tsɔe ɖo isop ti aɖe nu, eye wotsɔe ɖo nu nɛ. 30  Ke esi Yesu xɔ wain tsitsia la, egblɔ be: “Wowu enu!” eye esi wòbɔbɔ ta la, etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na. 31  Azɔ esi wònye Dzadzraɖoŋkekee, eye be woƒe kukuawo nagatsi fuwɔametia ŋu le Sabat dzi o ta la, (elabena Sabat gãe sabat ŋkeke ma nye,) Yudatɔwo ɖe kuku na Pilato be wòana woaŋe woƒe afɔwo, eye woaɖe woƒe kukuawo adzoe. 32  Eya ta asrafoawo va, eye woŋe ame gbãtɔ kple ame evelia, siwo wohe ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu la, ƒe afɔwo. 33  Gake esi wova Yesu gbɔ, eye wokpɔe be eku xoxo ta la, womeŋe eƒe afɔwo o. 34  Ke hã, asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame, eye enumake ʋu kple tsi do go. 35  Eye ame si kpɔe la ɖi ɖase, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nya be nyateƒenyawoe yegblɔna, bene miawo hã miaxɔe ase. 36  Le nyateƒe me la, nu siawo dzɔ, bene ŋɔŋlɔ la nava eme be: “Womaŋe eƒe ƒu ɖeka pɛ hã o.” 37  Eye ŋɔŋlɔ bubu gblɔ be: “Woafɔ ŋku ɖe Ame si wotɔ nui la dzi.” 38  Ke le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖe, gake le adza me, le esi wònɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ta la, bia Pilato be yeaxɔ Yesu ƒe kukua; eye Pilato ɖe mɔ nɛ. Eya ta eva, eye wòtsɔ eƒe kukua yii. 39  Nikodemo, ame si va egbɔ zi gbãtɔ le zã me, hã va, eye wòtsɔ mire kple aloe si wotsaka, si ade lita blaetɔ̃ vɔ etɔ̃ kloe la vae. 40  Eya ta wotsɔ Yesu ƒe kukua, eye wosi atike ʋeʋĩawo nɛ heblae ɖe aklalawo me, abe ale si Yudatɔwo dzrana ame kuku ɖo hena ɖiɖi ene. 41  Ke edzɔ hã be abɔ aɖe nɔ teƒe si wohee ɖe ati ŋu le, eye ŋkuɖodziyɔdo yeye aɖe nɔ abɔ la me, si me wometsɔ ame aɖeke mlɔ kpɔ o. 42  Eya ta afi mae wotsɔ Yesu mlɔ, le Yudatɔwo ƒe dzadzraɖoŋkeke la ta, elabena ŋkuɖodziyɔdo la gbɔ medidi o.

Etenuŋɔŋlɔ

Ŋdɔ ga 12 lɔƒo.